Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Mateo 9:28 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

28 Eye esi wòyi ɖe aƒea me la, ŋkuagbãtɔwo va egbɔ, eye Yesu gblɔ na wo bena: Miexɔe se bena, mate ŋu awɔ esia mahã? Eye wogblɔ nɛ bena: Ẽ, Aƒetɔ.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

28 Wokplɔe ɖo yi aƒe si me wòge ɖo la. Tete Yesu trɔ ɖe wo ŋu bia wo be, “Miexɔe se be mate ŋu aʋu ŋku na mia?” Woɖo eŋu nɛ be, “Ɛ̃, Aƒetɔ.”

Onani mutuwo Koperani




Mateo 9:28
14 Mawu Ofanana  

Wɔze la meɖi gbɔlo o, eye ami, si le goea me la, meva o, la Yehowa ƒe nya, si wògblɔ to Eliya dzi la nu.


Gbemagbe ke Yesu do go tso aƒe la me yi ɖabɔbɔ nɔ anyi ɖe ƒua nu.


Tete esi Yesu ɖe asi le amehawo ŋu la, eva aƒe me. Eye eƒe nusrɔ̃lawo va egbɔ gblɔ bena: Ɖe abɔ me gbe wuwluiawo ƒe lododoa gɔme na mi.


Eye esi Yesu va Petro ƒe me la, ekpɔ lɔ̃xoa le anyimlɔƒe, le ŋudza lém.


Eye kpɔ ɖa, anyidzelaa ɖe va dze klo ne gblɔ bena: Aƒetɔ, ne èlɔ̃ ko la, ate ŋu ana ŋutinye nakɔ.


Ke esi wòtrɔ kpɔe la, egblɔ nɛ bena: Vinyɔnuvi, na wò dzi nadze me! Wò xɔse la ɖe wò. Eye nyɔnu la ƒe lãme sẽ le gaƒoƒo ma ke dzi.


Esi Yesu dzo le afima yina la, ŋkuagbãtɔ eve dze eyome, le ɣli dom gblɔ bena: Dawid vi la, kpɔ mía nublanui!


Tete Yesu de asi woƒe ŋkuwo ŋu gblɔ bena: Ava me na mi le miaƒe xɔse la nu.


eye amesiame, si le agbe, eye wòxɔa dzinye sena la, maku akpɔ o. Ele esia xɔm le sesema?


Yesu gblɔ nɛ bena: Ɖe nyemegblɔ na wò bena, ne èxɔe se la, èkpɔ Mawu ƒe ŋutikɔkɔe la o mahã?


Eya se Paulo ƒe nuƒoƒo, amesi lé ŋku ɖe edzi gã, eye esi wòkpɔ bena, xɔse le esi be, woayɔ dɔe la,


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa