Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Mateo 9:27 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

27 Esi Yesu dzo le afima yina la, ŋkuagbãtɔ eve dze eyome, le ɣli dom gblɔ bena: Dawid vi la, kpɔ mía nublanui!

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

27 Esime Yesu do go le aƒea me yina la, ŋkuagbãtɔ eve kplɔe ɖo henɔ ɣli dom be, “O, Fia David ƒe Vi, kpɔ nublanui na mí.”

Onani mutuwo Koperani




Mateo 9:27
24 Mawu Ofanana  

Yesu Kristo, si nye Dawid vi, amesi nye Abraham vi la, ƒe dzidzimegbalẽ.


Ŋkunɔwo le nu kpɔm, eye tekunɔwo le azɔli zɔm, anyidzelawo ŋuti le kɔkɔm, eye tokunɔwo le nu sem, ame kukuwo le tsi tre tsim, eye wole nyanyuie la gblɔm fia ame dahewo.


Eye kpo ɖa, Kanaan-nyɔnua ɖe ɖo go tso afima nutoawo me, eye wòɖo ɣli gblɔ bena: Aƒetɔ, Dawid vi la, kpɔ ye nublanui! Vinyenyɔnuvi le fu kpem ŋɔdzitɔe tso gbɔgbɔ vɔ̃ si me.


le gbɔgblɔm bena: Aƒetɔ, kpɔ nye ŋutsuvi ƒe nublanui! Elabena ele kpeŋui kum, eye wòle fu kpem ŋɔdzitɔe; elabena enuenu la edzea dzo me, eye enuenu la edzea tɔ me.


Eye esi wodo go tso Yerixo-dua me yina la, ameha geɖewo dze eyome.


Eye esi nunɔlagãwo kple agbalẽfialawo kpɔ nukudɔ, siwo wòwɔ, kple ɖevi, siwo le ɣli dom le mawuƒe la me bena: Hosana na Dawid vi la! la, eve dome na wo.


Eye ameha, siwo le eŋgɔ kple esiwo le eyome la, do ɣli gblɔ bena: Wosana na Dawid vi la; Woayra amesi gbɔna le Aƒetɔ ƒe ŋkɔ la me; Hosana le dziƒo ʋĩ!


Eye esi wòyi ɖe aƒea me la, ŋkuagbãtɔwo va egbɔ, eye Yesu gblɔ na wo bena: Miexɔe se bena, mate ŋu awɔ esia mahã? Eye wogblɔ nɛ bena: Ẽ, Aƒetɔ.


Woayra mía fofo Dawid ƒe fiaɖuƒe, si gbɔna la! Hosana le dziƒo ʋĩ!


Eye enuenu wòtsɔnɛ ƒua dzo me kple to me, bena yeawui; ke ne ate ŋu awɔ nane la, kpɔ miaƒe nublanui, ne naxa na mi.


eye wokɔ woƒe gbewo dzi gblɔ bena: Yesu, amegã, kpɔ mia nublanui!


Eye wògblɔ na wo bena: Aleke wɔ miegblɔ bena: Kristo la nye Dawid vi mahã?


Eye le gaƒoƒo ma dzi la eda gbe le dɔléla geɖewo kple fukpelawo kple amesiwo me gbɔgbɔ vɔ̃wo le la ŋu, eye wòna ŋkuagbãtɔ geɖewo kpɔ nu.


Ɖe ŋɔŋlɔ la megblɔ bena: Kristo la ava atso Dawid ƒe ƒome kple Betlexem-kɔƒe, afisi Dawid nɔ la me o mahã?


le Via, si wodzi le Dawid-ƒomeawo me le ŋutilã nu la ŋuti,


amesiwo to nye fofoawo, amesiwo me Kristo hã dzo tso le ŋutilã nu, amesi nye Mawu, si ƒo wo katã ta la, amesi wokafuna yi ɖe mavɔmavɔ me! Amen.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa