Eye eƒe ŋkɔ ɖi hoo le Siria blibo la katã; eye wotsɔ amesiwo katã ƒe lãme gblẽ, kple amesiwo le dɔ bubu ƒomeviwo lém, kple amesiwo le fu kpem, kple amesiwo me gbɔgbɔ vɔ̃wo le la, kple kpeŋuikulawo kple lãmetututɔwo katã va egbɔ, eye wòda gbe le wo ŋu.
Ke eya do go de asi gbeƒãɖeɖe me lelele kple nya la kaka me ale gbegbe bena, Yesu magate ŋu adze gaglã ayi du me o, ke gbedzi ko wònɔna, eye wotso afisiafi va egbɔ.
Elabena fia hã nya nusiawo, amesi mele nu ƒom na kple dzideƒo; elabena mexɔe se bena, nusiawo dometɔa ɖeke mele ɣaɣla ɖee o, elabena menye ɣaɣlaƒe wowɔ nusia le o.