Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Mateo 9:24 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

24 egblɔ na wo bena: Mite yi megbe! Elabena nyɔnuvia meku o; ke alɔ̃e wòdo. Eye wokoe.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

24 Yesu gblɔ be, “Mina ame siawo katã nado go le xɔa me, elabena ɖevi la meku o, alɔ̃ ko dɔm wòle.” Ame siwo se nya sia la ɖu fewu le eŋu, eye ɖewo hã koe.

Onani mutuwo Koperani




Mateo 9:24
12 Mawu Ofanana  

Ame ŋutɔ xɔlɔ̃wo ƒe alɔmeɖenu menye tsã, nye amesi yɔa Mawu, eye wòɖoa toe, nye ame dzɔdzɔe kple mawuvɔ̃la anye alɔmeɖenu!


Ale Yehowa, Israel ƒe xɔnametɔ kple eƒe kɔkɔetɔ la gblɔ na amesi wodo vloe, amesi dukɔ la nyɔ ŋui, amesi nye dziɖulawo ƒe kluvi la, enye si; Fiawo akpɔe ahatso ɖe tsitrenu, eye amegãwo aɖe ta agu le Yehowa, amesi metrɔa ta me o la ta, le Israel ƒe kɔkɔetɔ, amesi tia wò la ta.


Amegbetɔwo do vloe, eye wogbee, ŋutsu kpehiã kple amesi dzi dɔléle le la wònye, wodo vloe abe amesi ta wotsyɔ nu ŋku me ɖo la ene, eye míebui ɖe naneke me o.


Eye wokoe. Ke esi wonyã wo katã do goe la, èkplɔ ɖevia fofoa kple dadaa kple amesiwo kpe ɖe eŋuti la, eye wòyi afisi ɖevi la mlɔ.


Eye wokoe, esi wonyã bena, eku.


Eye esi Yesu see la, egblɔ bena: Dɔ sia menye kudɔe o, ke boŋ hena Mawu ƒe ŋutikɔkɔe, bena woakɔ Mawuvi la ŋuti to eyama me.


Ke esi Paulo ɖi yi anyigba la, edze edzi helee alɔ eve gblɔ bena: Migawɔ hoo o; elabena eƒe luʋɔ la le eme.


Eye esi Petro nyã wo katã do go la, edze klo, eye wòdo gbe ɖa; eye wòtrɔ ɖe ame kukua gbɔ gblɔ bena: Tabita, tsi tre! Eye eya la ʋu eƒe ŋkuwo, eye esi wòkpɔ Petro la, efɔ bɔbɔ nɔ anyi.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa