Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Mateo 9:23 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

23 Ke esi Yesu va amegã la ƒe me, eye wòkpɔ dzekulawo kple ameha, siwo le ʋunyaʋunya wɔm la,

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

23 Esi Yesu va ɖo amegã la ƒe aƒe me la, ekpɔ be amewo nɔ avi fam hoo, eye wonɔ kuteƒehawo hã dzim.

Onani mutuwo Koperani




Mateo 9:23
12 Mawu Ofanana  

Eye Yeremya kpa konyifaha le Yosiya ŋu, eye hadzilaŋutsuwo kple hadzilanyɔnuwo katã dzi Yosiya le woƒe konyifahawo me, eye wòzu kɔnu na Israel vaseɖe egbe; kpɔ ɖa, woŋlɔ wo ɖe konyifahawo me.


Tsitsiawo kple ɖeviawo aku le anyigba sia dzi, womaɖi wo o, eye womafa na wo o, womasi blinui o, eye womalũ ta kokoe le wo ta o.


Ɖe hũ le adza me, eye megawɔ kunu o; bia ta, eye nado atokota ɖe afɔ, megabla nu ɖe wò ge o, eye megaɖu konyifabolo o.


le gbɔgblɔm bena: Mieku dze na mi, eye mieɖu ɣe o; míedzi konyifaha na mi, eye mieƒo akɔta o.


Woɖi ɖevi, siwo bɔbɔ nɔ anyi ɖe asi me, eye wole wo nɔewo yɔm gblɔ bena: Mieku dze na mi, eye mieɖu ɣe o; míedzi konyifaha na mi, eye miefa avi o.


Ke esi Paulo ɖi yi anyigba la, edze edzi helee alɔ eve gblɔ bena: Migawɔ hoo o; elabena eƒe luʋɔ la le eme.


Eye Petro tsi tre, eye wòyi kpli wo. Eye esi wòva la, wokplɔe yi ɖe dziƒoxɔa me, eye ahosiawo katã le tsitre ɖe egbɔ le avi fam hele awutewui kple awu ʋlaya, siwo Zi tɔ, esime woa kpli wo wonɔ anyi la, fiam.


eye womegale saŋkuƒolawo kple hadzilawo kple dzekulawo kple kpẽkulawo ƒe gbe se ge le mewò gbeɖegbeɖe akpɔ o; eye womegale aɖaŋuwɔla bubu ƒomevia ɖeke kpɔ ge le mewò o, eye womegale tetutu se ge le mewò gbeɖegbeɖe akpɔ o;


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa