Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Mateo 9:18 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

18 Esi wòle nusiawo gblɔm na wo la, kpɔ ɖa, amegãa ɖe va dze klo nɛ gblɔ bena: Ye nyɔnuvi ku fifi laa; gake la va natsɔ wò asi ada ɖe edzi, eye woagbɔ agbe.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

18 Esime Yesu nɔ nya siawo gblɔm la, Yudatɔwo ƒe ƒuƒoƒe ƒe amegã aɖe va dze klo ɖe eƒe ŋkume hede ta agu nɛ. Egblɔ na Yesu be, “Vinye nyɔnuvi ku fifi laa, gake mexɔe se be àte ŋu ana wòagagbɔ agbe nenye be èva ka asi eŋu ko.”

Onani mutuwo Koperani




Mateo 9:18
25 Mawu Ofanana  

Tete Naeman bi dzi hedzo gblɔ bena: Kpɔ ɖa, nyea mebu be, ɖe wòle dodo ge ava gbɔnye, eye wòate ɖe ŋunye ayɔ Yehowa, eƒe Mawu ƒe ŋkɔ, eye woatso eƒe asi alili de teƒeawo, eye wòayɔ dɔ anyia hĩ!


Ke amesiwo le ʋua me la, dze klo nɛ gblɔ bena: Mawuvi nenye vavã.


Ke nyɔnua va dze klo ne gblɔ bena: Aƒetɔ, xɔ nam!


Eve esi wova ameha la gbɔ la, amea de va egbɔ, eye wòdze klo nɛ


Tete Zebedeo viwo dada va egbɔ kple eƒe ŋutsuvi eve, eye wòdze klo nɛ le nane biamii.


Eye esi wokpɔe la, wodze klo nɛ, ke amea ɖewo ke ɖi.


Eye kpɔ ɖa, anyidzelaa ɖe va dze klo ne gblɔ bena: Aƒetɔ, ne èlɔ̃ ko la, ate ŋu ana ŋutinye nakɔ.


Eye wova egbɔ, nyae gblɔ bena; Aƒetɔ, ɖe mi, miele tsɔtsrɔm!


Wometsɔa aha yeye hã dea lãgbalẽgolo xoxowo me o; ke ne menye nenem o la, lãgbalẽgolowo awo, eye aha la aƒu gbe, eye lãgbalẽgolowo agblẽ; ke wotsɔa aha yeye ɖea lãgbalẽgolo yeyewo me, eye wo kpakple eve la siaa wonɔna dedie.


Eye esi Yesu tsi tre la, eya kple eƒe nusrɔ̃lawo dze eyome.


egblɔ na wo bena: Mite yi megbe! Elabena nyɔnuvia meku o; ke alɔ̃e wòdo. Eye wokoe.


Ke ƒuƒoƒemegã, si dome ve le Yesu ƒe gbedada le Sabat dzi ŋuti la, xɔ dzi gblɔ na ameha la bena: Ŋkeke aɖee li, siwo dze be, amewo nawɔ dɔ le me: eyaŋuti le woawo me la miva, be woada gbe le mia ŋu, ke menye le Sabat ƒe ŋkeke la dzi o.


Eye amegãa ɖe va biae bena: Nufiala nyui, nuka mawɔ, be manyi agbe mavɔ la dome mahã?


Eye aʋafiaa ɖe ƒe dɔla, si nye ame vevi nɛ la, le dɔ lém ɖo kudo nu.


Yesu gblɔ nɛ bena: Nyee nye tsitretsitsi la kple agbe la; amesi xɔa dzinye sena la, ne eku hã la, anɔ agbe;


Azɔ esi Maria va afisi Yesu le, eye wokpɔe la, edze klo ɖe eƒe afɔ nu hegblɔ nɛ bena: Aƒetɔ, ɖe nèle afisia la, ne nɔvinye meku o.


Eye esi woxlẽ se la kple nyagblɔɖilawo megbe la, fuƒoƒemegã dɔ ɖo ɖe wo gbɔ gblɔ bena: Ŋutsuwo, nɔviwo, ne nuxlɔ̃menyaa ɖe le mia si na dukɔa la, migblɔe.


Eye wòva me bena, Publio fofo mlɔ anyi le ŋudza lém, eye wòle sisi ɖem, eye Paulo yi ɖe egbɔ, eye wòdo gbe ɖa hetsɔ eƒe asi ɖa ɖe edzi, eye wòyɔ dɔe.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa