Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Mateo 9:16 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

16 Eye amea ɖeke metsɔa avɔ matakpɔ ƒe nuɖeɖi hekaa avɔ xoxo o, elabena nuɖeɖi, si wotso kae la, aho avɔ la ɖe eɖokui ŋu, eye eƒe vuvu la awu tsãtɔ.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

16 “Womate ŋu atsɔ avɔnuɖeɖi yeye aka avɔ vuvu o. Ne wowɔe alea la, avɔ yeye la aho ɖa le teƒea, eye teƒe si vuvu la akeke ɖe edzi wu.

Onani mutuwo Koperani




Mateo 9:16
11 Mawu Ofanana  

Meɖe kuku, nye aƒetɔ nedze eƒe dɔla ŋgɔ, eye nye la madze yowòme blewublewu, abe alesi lãha la kple ɖevi dzawo ate ŋui ene, vaseɖe esime matu nye aƒetɔ le Seir.


Elabena ame vɔ̃ɖiwo ƒe fiatikplɔ manɔ ame dzɔdzɔe ƒe dzidzenu dzi o, ne ame dzɔdzɔewo magado asi ɖe nu madzɔmadzɔ gbɔ o.


Anyi eƒe alẽhawo abe alẽkplɔvi ene, alé alẽviawo ɖe abɔ dome, eye wòakɔ wo ɖe akɔnu, eye wòakplɔ vinɔwo ɖɔɖɔɖɔ.


Eye Yesu gblɔ na wo bena: Alo ɖe ŋugbetɔsrɔ̃ la ƒe xɔlɔ̃wo ate ŋu afa konyi, ŋkeke alesi ŋugbetɔsrɔ̃ la li kpli wo mahã? Ke ŋkekewo gbɔna, esime woatsɔ ŋugbetɔsrɔ̃ la ayii le wo gbɔ la, ekema woatsi nu adɔ.


Wometsɔa aha yeye hã dea lãgbalẽgolo xoxowo me o; ke ne menye nenem o la, lãgbalẽgolowo awo, eye aha la aƒu gbe, eye lãgbalẽgolowo agblẽ; ke wotsɔa aha yeye ɖea lãgbalẽgolo yeyewo me, eye wo kpakple eve la siaa wonɔna dedie.


Amea ɖeke metsɔa avɔ matakpɔ ƒe nuɖeɖi kaa avɔ xoxo o; ke ne menye nenem o la, ava yeye, si wotso kae la, aho avɔ xoxo la ɖe eɖokui ŋu, eye eƒe vuvu awu tsãtɔ.


Eye wòdo lo hã na wo gblɔ bena: Amea ɖeke metsɔa avɔnuɖeɖi yeye kaa avɔ xoxo o; ke ne menye nenem o la, yeye la hã adze, eye yeye la ƒe nuɖeɖi mawɔ ɖeka kple xoxo la o.


Nya geɖewo gale asinye be, magblɔ na mi, gake miele eŋute ge atsɔe fifia o.


Ke azɔ la xɔse kple mɔkpɔkpɔ kpakple lɔlɔ̃, nu etɔ̃ siawo nɔa anyi; ke lɔlɔ̃ la ƒo wo katã ta.


Elabena nunana sia ƒe subɔsubɔdɔ la menye ɖe wòde ame kɔkɔeawo ƒe hiãtutu nu ɖeɖe o, ke boŋ egba go le akpedada geɖe me hena Mawu hã;


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa