Megale egblɔm na mi hã bena: Ne mia dome ame eve woawɔ ɖeka le anyigba dzi le nusianu me, eye woaɖe kuku la, ava ve me na wo tso Fofonye, si le dziƒowo la gbɔ.
Azɔ ne mi, amesiwo nye ame vɔ̃ɖiwo la, mienya alesi miana nunana nyuiwo mia viwo la, ɖe mia Fofo, si le dziƒo la, mana nu nyuiwo amesiwo bianɛ la, awu mi o mahã?
Tso esia dzi, ne aƒetɔ la tsi tre, eye wòtu ʋɔa, eye ne míetsi tre ɖe egodo, de asi ʋɔtrua ƒoƒo me gblɔ bena: Aƒetɔ, Aƒetɔ, nui na mí la, axɔ dzi agblɔ na mi bena: Nyemenya mi, afisi mietso o,
Menye miawoe liam ke boŋ nyee tia mi, eye meɖo mi anyi, bena miayi aɖatse ku, eye miaƒe kutsetse la nanɔ anyi, bena nusi ke miabia Fofo la le nye ŋkɔa dzi la, ne wòana mi.
Ke ne xɔse mele mía si o la, míate ŋu adze Mawu ŋu o; elabena ele be, amesi ke fena va Mawu gbɔ ta, naxɔ ase be, Mawu li, eye wonye teƒeɖola na amesiwo dinɛ vevie.