Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Mateo 7:6 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

6 Migatsɔ nu kɔkɔe la na avũwo o, eye migatsɔ miaƒe dzonu nyuiwo hã ƒu gbe ɖe hawo ƒe ŋku me, ne woaganyã avuzi le wo dzi kple woƒe afɔwo, hafi agbugbɔ ava vuvu mi o.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

6 “Migatsɔ miaƒe nu kɔkɔewo na avuwo o, eye migatsɔ miaƒe dzonu xɔasiwo ƒu gbe na hawo o. Ne menye nenema o la, woanya avuzi le wo dzi, atrɔ ɖe mia ŋu, eye woavuvu mi.

Onani mutuwo Koperani




Mateo 7:6
18 Mawu Ofanana  

Nyanu dzetugbee, si nye avɔ la, le abe aƒeha, si sikagɛ le ŋɔti me na ene.


Megaƒo nu ɖe bometsila ƒe le me o, elabena ɖeko wòado vlo wò nunya ƒe nyawo.


Alesi avũ trɔna ɖe eya ŋutɔ ƒe xeɖeɖe ŋui la, nenema bometsila gbugbɔa eƒe bometsinu wɔnae.


Megado nya ŋu na bometsila ɖe eƒe bometsitsi nu, ne wò hã nasɔ kplii o.


Eye wòɖo eŋu gblɔ bena: Womeɖe mɔ bena, woatsɔ ɖeviwo ƒe abolo aƒu gbe na avũviwo o.


Ekema woaɖia ame geɖewo nu, eye woade wo nɔewo asi, eye wòalé fu wo nɔewo.


Alakpatɔ, ɖe atikpo la le wò ŋutɔ wò ŋku dzi gbã, hafi nakpɔ nyuie, alesi nawɔ aɖe ati fefee la le nɔviwò ƒe ŋku me.


Mezɔ mɔ enuenu; meɖo ŋɔdzi me le tɔsisiwo dzi, meɖo ŋɔdzi me le adzodalawo dome, meɖo ŋɔdzi me le nye dukɔmeviwo gbɔ, meɖo ŋɔdzi me le trɔ̃subɔlawo gbɔ, meɖo ŋɔdzi me le du me, meɖo ŋɔdzi me le gbedzi, meɖo ŋɔdzi me le atsiaƒu dzi, meɖo ŋɔdzi me le aʋatsonɔviawo dome;


Mikpɔ nyuie le avũawo ŋuti, mikpɔ nyuie le dɔwɔla vɔ̃wo ŋuti, mikpɔ nyuie le aʋatsotso vlo ŋuti!


fetu vɔ̃ wu ka miele susum be, adze amesi tu afɔ Mawuvi la dzi, eye wobu nubabla ƒe nu, si wotsɔ kɔ eŋuti la, nu makɔmakɔa, eye wòdo vlo amenuvevegbɔgbɔ la mahã?


eye wogade megbe la, esẽ na wo bena, woagawo wo yeye hena dzimetɔtrɔ, le esi wogaklã Mawuvi la ɖe atitsoga ŋu na wo ɖokui, eye wona wodo ŋukpee la ta.


Eva me na wo le nyateƒe lododo la nu bena: „Avũ gbugbɔ yi ɖe ye ŋutɔ ƒe xeɖeɖe la gbɔ,“ eye „ha, si wole tsi na la, le mimlim yina ba me.“


Ke avũwo kple afakalawo kple matrewɔlawo kple hlɔ̃dolawo kple trɔ̃subɔlawo kpakple amesiame, si lɔ̃a aʋatsokaka, eye wòkanɛ la, woatsi agbo la godo.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa