Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Mateo 7:23 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

23 Ekema nye hã maʋu me na wo bena: Nyemenya mi kpɔ o, mi nu madzɔmadzɔ wɔlawo; mite ɖa le gbɔnye!

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

23 Ekema maɖo eŋu na wo be, ‘Nyemenya mi o, mite ɖa le gbɔnye, mi nu vɔ̃ɖi wɔlawo!’

Onani mutuwo Koperani




Mateo 7:23
11 Mawu Ofanana  

Mi nu vlo wɔlawo, mite ɖa le ŋunye, ne malé nye Mawu ƒe seawo me ɖe asi.


Elabena Mawu, si nu tovo wɔwɔ medzea eŋu o la, nènye, nu vɔ̃ɖi wɔla menɔa gbɔwò o.


Nuxaxa na nye ŋkuwo le ayi, nu te wo ŋu le nye ketɔwo katã ta.


Ke exɔ edzi gblɔ bena: Vavã mele egblɔm na mi bena: Nyemenya mí o.


Tete wòagblɔ na amesiwo le mia me la hã bena: Mite ɖa tso gbɔnye, mi amesiwo woƒo fi de; miyi ɖe dzo mavɔ, si wodzra ɖo ɖi na Abosam kple eƒe dɔlawo la me!


Tso esia dzi, ne aƒetɔ la tsi tre, eye wòtu ʋɔa, eye ne míetsi tre ɖe egodo, de asi ʋɔtrua ƒoƒo me gblɔ bena: Aƒetɔ, Aƒetɔ, nui na mí la, axɔ dzi agblɔ na mi bena: Nyemenya mi, afisi mietso o,


Eye wòagblɔ bena: Mele egblɔm na mi bena: Nyemenya mi, afisi mietso o; mite ɖa le gbɔnye, mi nu madzɔmadzɔ wɔlawo katã!


Nyee nye alẽkplɔla nyui la; eye menya tɔnyewo, eye tɔnyewo hã nyam;


Gake la Mawu ƒe gɔmeɖoɖoanyi sesẽ la lia ke, eye nutrenu sia li nɛ. Aƒetɔ la nya amesiwo nye etɔwo, eye amesiame, si yɔa Aƒetɔ ƒe ŋkɔ la, nate ɖa le madzɔmadzɔnyenye gbɔ.


Ke avũwo kple afakalawo kple matrewɔlawo kple hlɔ̃dolawo kple trɔ̃subɔlawo kpakple amesiame, si lɔ̃a aʋatsokaka, eye wòkanɛ la, woatsi agbo la godo.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa