1 Migadrɔ̃ ʋɔnu, ne woagadrɔ̃ ʋɔnu mi o.
1 “Mègadrɔ̃ ʋɔnu ame bubuwo o, ne menye nenema o la, woadrɔ̃ ʋɔnu wò hã,
Mi amesiwo vɔ̃a Yehowa ƒe nya la, mise eƒe nya la! Mia nɔvi, siwo lé fu mi, eye wonyã mi ɖa le nye ŋkɔ ta hele gbɔgblɔm be: „Yehowa nede bubu eɖokui ŋu, ne míakpɔ miaƒe dzidzɔ“ la, ŋukpe alé wo.
Elabena ʋɔnudɔdrɔ̃, si miedrɔ̃ la, eya ke woatso adrɔ̃ ʋɔnu mi; eye dzidzenu, si mietsɔ dzidze la, eya ke woatsɔ adzidze na miawo hã.
Alakpatɔ, ɖe atikpo la le wò ŋutɔ wò ŋku dzi gbã, hafi nakpɔ nyuie, alesi nawɔ aɖe ati fefee la le nɔviwò ƒe ŋku me.
Migadɔ ʋɔnu, eye woagadrɔ̃ ʋɔnu mi o; migabu fɔ, eye woagabu fɔ mi o, miɖe asi le amewo ŋu, eye woaɖe asi le mia ŋu;
Ke nukaŋuti nèkpɔ ati fefee le nɔviwò ƒe ŋku me, eye mèdzea si atikpo, si le wò ŋutɔ wò ŋku me la o mahã?
Eye esi wogale ebiabia dzi la, efɔ kɔ te, eye wògblɔ na wo bena: Amesi ke nuvɔ̃ mele eŋuti le mia dome o la, netre kpe la fɔfɔ ƒui.
Nɔvinyewo, migazu nufialawo taŋtaŋ o, esi mienyae bena, ʋɔnudɔdrɔ̃ sesẽ wu kpɔ ge míala la ŋuti.