Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Mateo 6:6 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

6 Ke wò la, ne èle gbe do ge ɖa la, yi ɖe wò xogã me, eye esi nètu ʋɔa la, nado gbe ɖa na Fofowò le ɣaɣlaƒe, eye Fofowò, si le nu kpɔm le ɣaɣlaƒe la, laɖo teƒe na wò.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

6 Ne èbe yeado gbe ɖa la, yi ɖe wò xɔ me nàtu ʋɔa, eye nàdo gbe ɖa na Fofowò, ame si womekpɔna o la, ekema Fofowò, ame si kpɔa nu si wowɔna le bebeme la, atu fe na wò.

Onani mutuwo Koperani




Mateo 6:6
17 Mawu Ofanana  

Eye woge ɖe eme hedo ʋɔa ɖe woa kple eve la nu, eye wòdo gbe ɖa na Yehowa.


Te ɖa le vɔ̃ ŋu, eye nawɔ nu nyui: di ŋutifafa, eye nati eyome.


elabena dzoka ƒom nèle ƒu ɖe eƒe ta me, eye Yehowa aɖo eteƒe na wò.


Nye dukɔ, yi ɖe wò xɔgã me, eye nado ʋɔ ɖe ɖokuiwò nu, ɣla ɖokuiwò vie, vaseɖe esime dziku la nu nava yi.


Eye woava me be, matɔ, hafi woava yɔm, eye ne wogale nuƒoƒo dzi la, masee.


Eye esi wòɖe asi le amehawo ŋu vɔ la, eya ɖeka yi to la dzi be, yeado gbe ɖa. Eye esi zã do la, eya ɖeka tsi afima.


bena amewo nagadze si wò nutsitsidɔ o; negbe Fofowò, si le ɣaɣlaƒe la ko, eye Fofowò, si le nu kpɔm le ɣaɣlaƒe la, laɖo teƒe na wò.


bena wò nunana nanɔ ɣaɣlaƒe, eye Fofowò, si le nu kpɔmle ɣaɣlaƒe la, laɖo teƒe na wò.


Natanael gblɔ ne bena: Afika nènyam le? Yesu ɖo ŋu gblɔ nɛ bena: Hafi Filipo yɔ wò, esime nèle gbotia te la, mekpɔ wò tso.


Yesu gblɔ nɛ bena: Megaka asi ŋunye o; elabena nyemekpɔ yi dziƒo, Fofo la gbɔ, haɖe o, ke yi nɔvinveŋutsuwo gbɔ, eye nagblɔ na wo bena: Meyina dziƒo ɖe Fofonye kple miawo hã mia Fofo, nye Mawu kple miawo hã mia Mawu la gbɔ.


Eye Kornelio gblɔ be: Egbee nye ŋkeke eneagbe, esi metsi nu ɖo vaseɖe gaƒoƒo sia dzi, eye le gaƒoƒo asiekelia dzi la mele gbe dom ɖa le aƒenye me, eye kpɔ ɖa, ŋutsua ɖe le tsitre ɖe ŋkunye me le awu, si le dzo dam la me,


Ke esi ŋu ke, esime wole mɔa dzi, eye wolũ dua la, Petro yi gbe do ge ɖa le xɔta, anɔ ga ade me,


Eye esi Petro nyã wo katã do go la, edze klo, eye wòdo gbe ɖa; eye wòtrɔ ɖe ame kukua gbɔ gblɔ bena: Tabita, tsi tre! Eye eya la ʋu eƒe ŋkuwo, eye esi wòkpɔ Petro la, efɔ bɔbɔ nɔ anyi.


Elabena amesiwo noa anyi le ŋutilã nu la, ŋutilã ƒe nuwo wodina; ke amesiwo nɔa anyi le Gbɔgbɔ nu la, gbɔgbɔ me nuwo wodina.


Eyata medzea nye klo na mía Aƒetɔ Yesu Kristo Fofo,


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa