Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Mateo 6:27 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

27 Eye amekae le mia dome, ne ele fu ɖem na eɖokui la, wòate ŋu atso abɔ ɖeka akpe ɖe eƒe agbenɔɣi ŋu mahã?

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

27 Mia dometɔ kae ate ŋu ato dzitsitsi me atsɔ gaƒoƒo ɖeka pɛ akpe ɖe eƒe agbe ŋu?

Onani mutuwo Koperani




Mateo 6:27
14 Mawu Ofanana  

Medze sii be, nusiwo kam Mawu wɔ la, anɔ anyi ɖaa, womatsɔ naneke akpee o, eye womaɖe naneke le eme o. Mawu ɖe wòwɔe, alea, be woavɔ̃ ye.


Megatà wò ta hã o; elabena màte ŋu awɔ taɖa ɖeka ɣie alo yibɔ o.


Eyakeŋuti mele egblɔm na mi bena: Migatsi dzimaɖi le miaƒe agbe ŋuti, nusi miaɖu kple nusi miano o, alo le miaƒe ame blibo la ŋuti, nusi miata o. Alo agbe mewu nuɖuɖu o ɖe, eye ame blibo la mewu avɔtata o ɖe?


Eye nukaŋuti miele fu ɖem na mia ɖokui le avɔtata ŋuti mahã? Mibu dzogbenyã, si le gbedzi la, ŋuti kpɔ, alesi wòwɔnae; mewɔa dɔ o, metrea ɖeti hã o;


Eyaŋuti migaɖe fu na mia ɖokui agblɔ bena: Nuka míaɖu, nuka miano, alo nuka míatsɔ ata mahã o.


Eyaŋuti migatsi dzimaɖi le etso si gbɔna la, ƒe nuwo ŋuti o; elabena etso si gbɔna la, adze agbagba le eya ŋuta ƒe nuwo ŋuti. Ŋkeke ƒe vɔ̃ la sɔ gbɔ nɛ.


Ke Aƒetɔ la xɔ edzi gblɔ nɛ bena: Marta, Marta, èle agbagba dzem, eye nèle fu ɖem na ɖokuiwò le nu geɖewo ŋuti, ke nu ɖeka koe le vevie;


Eye ne wokplɔ mi yi ɖe ƒuƒoƒewo kple dziɖulawo kple ŋusẽtɔwo ƒe ŋku me la, migatsi dzimaɖi be, aleke miawɔ alo nuka tsɔ ge míala aɖe mia ɖokui nu alo agblɔ o;


Eye wògblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo bena: Le esia ta mele egblɔm na mi bena: Migatsi dzimaɖi le miaƒe agbe ŋuti nusi miaɖu o, alo le miaƒe ŋutilã ŋuti nusi míado o.


Ke azɔ la Mawu tsɔ ŋutinuwo dome ɖesiaɖe ɖo ŋutilã ŋuti, abe alesi wòlɔ ene.


Migatsi dzimaɖi le naneke ŋuti o, ke boŋ le nusianu me la mitsɔ gbedodoɖa kple kukuɖeɖe na Mawu nanya miaƒe dzimedidiwo, eye mitsɔ akpedada kpe ɖe eŋuti.


Mitsɔ miaƒe dzimaɖiwo katã da ɖe eyama dzi; elabena eyama léa be na mi.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa