41 eye amesi ke azi dzi wò be, nazɔ kplii gaƒoƒo ɖeka la, zɔ eve kplii.
41 Ne ame aɖe azi dziwò be nàzɔ mɔ kple ye kilomita ɖeka la, zɔ kplii kilomita eve.
Ke esi wodo go yina la, wokpɔ ŋutsua ɖe, si tso Kirene, amesi ƒe ŋkɔ enye Simon, eye wozi eyama dzi bena, wòatsɔ atitsoga la nɛ.
eye amesi le didim be, yeadrɔ̃ ʋɔnu kpli wò, bene yeaxɔ wò awu le asiwò la, na ne wòaxɔ avɔ hã le asiwò;
Na nu amesi le nu biawòm, eye amesi le didim be, yeaɣe nu le asiwò la, megatrɔ dzo le egbe o.
Eye wozi Simon, Kirenetɔ, Aleksandro kple Rufo fofo, amesi tso agbleta va to wo ŋuti yina la dzi bena, wòatsɔ eƒe atitsoga la.
Eye esi wokplɔe yina la, wòlé Simon, Kirenetɔa ɖe, si tso agbleta gbɔna, eye wotsɔ atitsoga la ɖo edzi, bena wòatsɔe adze Yesu yome.
Elabena Kristo fe lɔlɔ̃ la le mia kplɔm,