Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Mateo 5:30 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

30 Eye ne wò nuɖusi ɖia nu wò la, lae ɖa le ŋutiwò, eye natsɔe aƒu gbe, elabena enyo na wò be, wò ŋutinuwo dometɔ ɖeka nagblẽ, wu esi wò ame blibo la katã nagblẽ le dzomavɔʋe la me.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

30 Nenema ke ne wò nuɖusie nana be nèwɔa nu vɔ̃ la, lãe ne nàtsɔ aƒu gbe, elabena enyo be nàbu wò ŋutinuwo dometɔ ɖeka wu be woatsɔ wò ame blibo la aƒu gbe ɖe dzomavɔ me.”

Onani mutuwo Koperani




Mateo 5:30
19 Mawu Ofanana  

Eye Woayra amesi ke mekpɔ nuɖiaɖia le ŋutinye o.


ke esi ke meli nɛ o ŋuti la, enɔa anyi ʋee ko, eye ne fukpekpe kple yometiti le nya la ŋuti va la, enumake woɖia enu.


Ke etrɔ gblɔ na Petro bena: Te ɖa yi megbenye, Satana! Nuɖiaɖia nènye nam, elabena menye Mawu tɔ nesusu o, negbe nusi nye amegbetɔwo tɔ ko.


Ke ne míagaɖia wo nu o la, yi ƒuta nada ƒu, eye lã, si ke naɖe gbã la, lée, eye ne èke eƒe nu la, akpɔ ga; eyae natsɔ ana wo ɖe mía kpli wò ta.


Ke ne wò asi alo wò afɔ ɖia nuwò la, lae ɖa, eye natsɔe aƒu gbe le ŋutiwò; enyo na wò bena, nayi ɖe agbe la me kple afɔkpo alo abɔkpo wu esi aba eve alo afɔ eve anɔ asiwò, eye woatsɔ wò aƒu gbe ɖe dzo mavɔ la me.


Tete fia la gblɔ na kplɔ̃ŋutisubɔlawo bena: Mibla afɔwo kple asiwo nɛ, eye mitsɔe ƒu gbe de viviti tsiɖitsiɖi la me, afima avifafa kple aɖukliɖuɖu lanɔ.


Eye amesi xɔ talento atɔ̃ la va, eye wotsɔ talento atɔ̃ bubuwo vae gblɔ bena: Aƒetɔ, etsɔ talento atɔ̃ de asi nam; kpɔ ɖa, meɖe vi talento atɔ ɖe wo dzi.


Tete Yesu gblɔ na wo bena: Mi katã miele nuɖiaɖia kpɔ ge le ŋutinye le zã sia me; elabena woŋlɔ ɖi bena: „Mele alẽkplɔla ƒo ge, eye alẽha blibo la katã laka ahlẽ.“


Ke nye la mele egblɔm na mi bena: Amesiame, si le dɔmedzoe dom ɖe nɔvia ŋuti la, adze ʋɔnudɔdrɔ̃; eye amesi ke agblɔ na nɔvia bena takukutɔ la, adze daŋudede gã, eye amesi ke agblɔ bena lã la, adze dzomavɔʋemeyiyi.


Ke ne wò nuɖusi ŋku ɖia nu wò la, hoe le eme, eye natsɔe aƒu gbe, elabena enyo na wò be, wò ŋutinuwo dome ɖeka nagblẽ, wu esi woatsɔ wò ame blibo la katã aƒu gbe ɖe dzomavɔʋe la me.


Eye ne wò asi ɖia nu wò la, lae ɖa; enyo na wò bena, nayi ɖe agbe la me kple asikpo, wu esi asi eve nanɔe na wò, eye nayi ɖe dzomavɔʋe la me,


Ke mafia amesi miavɔ̃ la mi: Miva amesi, ne ewu ame, emegbe la ŋusẽ le esi be, wòatsɔe aƒu gbe ɖe dzomavɔʋe me; ẽ, mele egblɔm na mi bena: Eyama miavɔ̃!


Enyo nɛ be, woatsɔ té atsi ɖe ko ne, eye woatsɔe aƒu gbe ɖe atsiaƒu me wu esi wòaɖia ɖevi sue siawo dometɔ ɖeka nu.


abe alesi woŋlɔ ɖi ene bena: „Kpɔ ɖa, meɖo nukikli ƒe kpe kple nuɖiaɖia ƒe agakpe anyi ɖe Zion, eye amesiame, si xɔa edzi sena la, womado ŋukpee o.“


Eyata ne nuɖuɖu ɖia nɔvinye nu la, ekema nyemele lã ɖu ge gbeɖegbeɖe akpɔ o, bene nyemagana nɔvinye nu o.


Ke nye la, nɔviwo, ne megale gbe ƒã ɖem aʋatsotso la, nukaŋuti wogale yonyeme tima? Ekema woɖe atitsoga ƒe nuɖiaɖia ɖa tso.


amesiwo klii, le esi womeɖo to nya la o la ta, nusi ŋuti hã woɖo wo ɖo.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa