Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Mateo 5:29 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

29 Ke ne wò nuɖusi ŋku ɖia nu wò la, hoe le eme, eye natsɔe aƒu gbe, elabena enyo na wò be, wò ŋutinuwo dome ɖeka nagblẽ, wu esi woatsɔ wò ame blibo la katã aƒu gbe ɖe dzomavɔʋe la me.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

29 Nenye wò ŋku ɖusimetɔe nana be nèwɔa nu vɔ̃ la, hoe ne nàtsɔe aƒu gbe, elabena enyo na wò be nàbu wò ŋutinuwo dometɔ ɖeka wu be woatsɔ wò ame blibo la aƒu gbe ɖe dzomavɔ me.

Onani mutuwo Koperani




Mateo 5:29
22 Mawu Ofanana  

eɖo nuxi, meɖe asi le eŋu o, eye wògblẽe ɖe eƒe veme la,


Eye migavɔ̃ amesiwo le ŋutilã wum, eye womate ŋu awu luʋɔ o la o, ke boŋ mivɔ̃ amesi ate ŋu atsrɔ̃ luʋɔ kple ŋutilã siaa le dzomavɔʋe me.


Eye Woayra amesi ke mekpɔ nuɖiaɖia le ŋutinye o.


Ela bena viɖe ka wòanye na ame, ne xexeme blibo la katã zu etɔ, ke wòabu eƒe luʋɔ mahã? Alo nuka amegbetɔ atso ana agaxɔ eƒe luʋɔ mahã?


Ke ne míagaɖia wo nu o la, yi ƒuta nada ƒu, eye lã, si ke naɖe gbã la, lée, eye ne èke eƒe nu la, akpɔ ga; eyae natsɔ ana wo ɖe mía kpli wò ta.


Elabena ame tataa ɖewo li, siwo wodzi wo nenema tso keke wo dada ƒe dɔ me ke; eye ame tataa ɖewo li, siwo amewo la wo; eye ame tataa ɖewo li, siwo ta wo ɖokui le dziƒofiaɖuƒe la ŋuti. Amesi ke ate ŋu ase eme la, nesee.


Baba na mi, agbalẽfialawo kple farisitɔwo, alakpatɔwo, elabena mietsana le ƒu kple anyigba dzi bena miawo trɔ̃subɔla ɖeka wòazu Yudatɔ, eye ne ezui la, ekema miewɔe dzomavɔʋe ƒe vi, si wu mia ŋutɔwo zi eve.


Dawo, ƒliwo ƒe dzidzimewo! Aleke miawɔ asi atso dzomavɔʋe ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ la nu mahã?


Ke nye la mele egblɔm na mi bena: Amesiame, si le dɔmedzoe dom ɖe nɔvia ŋuti la, adze ʋɔnudɔdrɔ̃; eye amesi ke agblɔ na nɔvia bena takukutɔ la, adze daŋudede gã, eye amesi ke agblɔ bena lã la, adze dzomavɔʋemeyiyi.


Eye ne wò nuɖusi ɖia nu wò la, lae ɖa le ŋutiwò, eye natsɔe aƒu gbe, elabena enyo na wò be, wò ŋutinuwo dometɔ ɖeka nagblẽ, wu esi wò ame blibo la katã nagblẽ le dzomavɔʋe la me.


Elabena viɖe ka wòanye na ame, ne xexeme blibo la katã zu etɔ, ke wòabu eƒe luʋɔ mahã?


Ke mafia amesi miavɔ̃ la mi: Miva amesi, ne ewu ame, emegbe la ŋusẽ le esi be, wòatsɔe aƒu gbe ɖe dzomavɔʋe me; ẽ, mele egblɔm na mi bena: Eyama miavɔ̃!


esi mienyã esia bena, woklã miaƒe ame xoxo la ɖe atitsoga ŋu kplii, bene woaɖe nuvɔ̃ŋutilã ɖa, bene míagasubɔ nuvɔ̃ akpa o.


elabena ne mianɔ agbe le ŋutilã nu la, miele kuku ge; ke ne mietsɔ Gbɔgbɔ wu ŋutilã ƒe nuwɔwɔwo la, miakpɔ agbe.


hafi meƒoa nye ŋutilã wòdoa ʋusrã, eye mewɔnɛ kluvi boŋ, bene esi menye gbeƒãɖela na ame bubuwo la, nye ŋutɔ la nyemagazɔ ame madzemadze o.


Ke amesiwo nye Kristo tɔ la, woklã woƒe ŋutilã kple woƒe nudzodzro wuamenu wo kpakple ŋubiabiãwo de atitsoga ŋu.


Eyata miwu mia ŋutinu, siwo le anyigba dzi; ahasiwɔwɔ, makɔmakɔnyenye, fiẽŋufiẽŋui, nudzodzro vɔ̃ kple ŋukeklẽ, si nye trɔ̃subɔsubɔ;


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa