27 Miese wogblɔ bena: Megawɔ ahasi o;
27 “Miese wogblɔ be, ‘Megawɔ ahasi o,’
Megawɔ ahasi o.
Gake amesi wɔ ahasi kple nyɔnua ɖe la, tagbɔ gbegblẽtɔ wonye; amesi le didim be, yeatsrɔ̃ yeƒe agbe la, eyae wɔa ale nusia tɔgbe.
Megaɖe asi hawòvi srɔ̃ ŋu, bena nado ŋunyɔ ɖokuiwò o.
Ne amea ɖe wo ahasi kple ŋutsua ɖe srɔ̃ la, ekema ewo ahasi kple ehavi srɔ̃, eye ele be, woawu ŋutsu la kple nyɔnu la siaa.
Miese wogblɔ na blematɔwo bena: Megawu ame o; ke amesi ke awu ame la, adze ʋɔnudɔdrɔ̃.
Miegase wogblɔ na blematɔwo bena: Megaka atam dzodzro o, ke nawɔ wò atamkaka dzi na Aƒetɔ la.
Míese wogblɔ bena: Ŋku ɖe ŋku teƒe, eye aɖu ɖe aɖu teƒe;
Míese wogblɔ bena: Lɔ̃ hawòvi, eye nalé lu wò ketɔ:
Hawòvi srɔ̃ megabiã ŋu na wò o, eye hawòvi ƒe aƒe kple eƒe agble, eƒe dɔlaŋutsu kple eƒe dɔlanyɔnu, eƒe nyitsu kple eƒe tedzi kpakple nusianu, si nye hawòvi to la, ƒe ɖeke megabiã ŋu na wò o.