Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Mateo 5:24 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

24 gblẽ wò nunana la ɖe afima le vɔsamlekpuia ŋgɔ, eye nayi aɖadzra mia kple nɔviwò dome do gbãgbiagbã, hafi nava tsɔ wò nunana la vae.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

24 gblẽ wò vɔsanu la ɖe vɔsamlekpui la ŋgɔ ne nàyi aɖe kuku na nɔviwò sia, eye nàdzra mi kplii dome ɖo hafi nàva sa vɔ na Mawu.

Onani mutuwo Koperani




Mateo 5:24
13 Mawu Ofanana  

Eyata milé nyitsu adre kple agbo adre, eye miyi nye dɔla Hiob gbɔ, ne wòasa numevɔ na mi, eye nye dɔla Hiob naɖe kuku ɖe mia ta; elabena eya ke ƒe ŋku me makpɔ, hafi nyiemaɖo bometsitsi la teƒe na mi o; elabena mieƒo nu nyuia ɖeke le ŋunye abe nye dɔla Hiob ene o.


Wɔ wò ŋutɔ wò dzre kple hawòvi; ke megaʋu go ame tutɔ ƒe enya ɣaɣla,


Baba na mi, agbalẽfialawo kple farisitɔwo, alakpatɔwo, elabena miena ahame, sikɔni kple tsyo ƒe memamã ewolia, eye miegblẽ nusiwo le kpekpem wu le sedede la me: ʋɔnudɔdrɔ̃ kple nublanuikpɔkpɔ kple xɔse la ɖi; ke esiawo le bena, miawɔ, eye miagagblẽ ekemeawo ɖi mawɔmawɔ o.


Eyaŋuti ne etsɔ wò nunana va da ɖe vɔsamlekpuia dzi, eye nèɖo ŋui le afima bena, nyaa ɖe le nɔviwò ƒe dzi me ɖe ŋutiwò la,


Dze la nu nyui wònye; ke ne dze bu eƒe vivi la, nuka tsɔ ge míala ado vivii mahã? Mina dze naɖo mi, eye ŋutifafa nanɔ mia dome.


Ke ame naɖo eɖokui akpɔ, eye ale wòaɖu abolo sia ƒe ɖe, eye wòano nu le kplu sia nu.


Eyata mele didim bena, ŋutsuwo nado gbe ɖa le afisiafi, eye woado asi kɔkɔewo ɖe dzi, dɔmedzoe kple ɖikekea ɖeke manɔmee.


Miʋu mia nuvɔ̃wo me na mia nɔewo, eye mido gbe ɖa ɖe mia nɔewo ta, bene miaƒe lãme nasẽ. Ame dzɔdzɔe ƒe kukuɖeɖe, si nu sẽna la, tea ŋu woa nu geɖe.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa