Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Mateo 5:19 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

19 Eyaŋuti amesi ke tu nenem se siawo dome suetɔ ɖeka, eye wòfia amewo nenema la, woayɔe be wo katã ƒe suetɔ le dziƒofiaɖuƒe la me; ke amesi ke wɔ edzi, eye wòfia amewo la, woayɔ eyama be gã le dziƒofiaɖuƒe la me.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

19 eya ta ne ame aɖe da le se siawo ƒe suetɔ kekeake dzi, eye wòfia amewo hã be woada le edzi la, eyae anye suetɔ kekeake le dziƒofiaɖuƒe la me. Ke ame siwo fiaa Mawu ƒe seawo, eye wowɔna ɖe wo dzi la, woayɔ wo be gã le dziƒofiaɖuƒe la me.

Onani mutuwo Koperani




Mateo 5:19
38 Mawu Ofanana  

Eyata mebua wò seawo katã be, wole eteƒe; melé fu aʋatsomɔwo katã.


Ekema ŋu makpem o, nenye be, meɖe ŋku ɖe wò seawo katã.


Nunyalawo aklẽ abe dziŋgɔli ƒe keklẽ ene, eye amesiwo fia dzɔdzɔenyenye ƒe mɔ nu ame geɖewo la, abe dzinuviwo ene ɖaa tegbee.


Vava, mele egblɔm na mi bena: Le amesiwo nyɔnuwo dzi dome la, amea ɖeke metsi tre kpɔ, si wu Yohanes mawutsidetanamela o; gake amesi nye suetɔ le dziƒofiaɖuƒe la me la, wu eyama.


Eye Yesu gblɔ na wo bena: Vavã mele egblɔm na mi bena, mi amesiwo dze yonyeme la, le nuwo ƒe gbugbɔgadzi me la, gbesigbe ke Amegbetɔvi la abɔbɔ na eƒe ŋutikɔkɔezikpui la dzi la, miawo hã miabɔbɔ nɔ zikpui wuieve dzi, eye míadrɔ̃ ʋɔnu Israel ƒome wuieveawo.


Neganɔ nenema le mia dome o; ke amesi ke di bena, yeazu amegã le mia dome la, nanye miaƒe subɔla;


miaha wo bena, woawɔ nusiwo katã meɖo na mi la; eye kpɔ ɖa, nye la meli kpli mi ŋkekeawo katã vaseɖe xexeame ƒe nuwuwu.


Elabena anye gã le Aƒetɔ la ŋku me, eye mele wein alo aha sesẽ no ge o, eye Gbɔgbɔ kɔkɔe ayɔe fũ tso keke dadaa ƒe dɔ me ke.


Ke baba na mi farisitɔwo! Elabena mienaa ahamee kple ƒãglo kpakple ama bubu ƒomeviwo katã ƒe ewolia, eye mietoa ʋɔnudɔdrɔ̃ kple Mawu ƒe lɔlɔ̃ ŋuti; ke esiawo le be, miawo, eye miagagblẽ ekeme hã ɖi mawɔmawɔ o.


eye wògblɔ na wo bena: Amesi ke axa ɖevi sia le nye ŋkɔ dzi la, nyee wòxɔ, eye amesi ke axɔm la, exɔ amesi dom la; elabena amesi ke nye suetɔ le mi katã dome la, eyae nye gatɔ.


Teofil, meŋlɔ nya gbãtɔ na wò le nusiwo katã Yesu de asi wɔwɔ kple fiafia me;


Eye nukaŋuti miawo, abe alesi woɖoa vlo mi, eye abe alesi amea ɖewo ɖea aɖe nu me na mí be, miegblɔna bena: „Mina míawɔ nuvɔ̃, bena nu nyui nava“ ene o boŋ mahã? Amesiawo ƒe fɔbubu edzɔ.


Azɔ nuka gblɔ ge míala? Alo ɖe miaganɔ nuvɔ̃ me, bene amenuveve la nasɔ gbɔ ɖe dzia?


Ekem aleke wòle? Esi miegale se la te o, hafi amenuveve la te boŋ míele ŋuti la, miaganɔ nuvɔ̃wɔwɔ dzi mahã? Gbeɖe!


Amesi melé se sia ƒe nyawo me ɖe asi o, eye mewɔ wo dzi o la, aɖi eŋu! Eye dukɔ blibo la naɖo ŋu be: Neva me nenema!


Ke wò la, oo Mawu ƒe ame, si le nusiawo nu; ke dze dzɔdzɔenyenye, mawusosroɖa, dzixɔse, lɔlɔ̃, dziɖoɖo, dɔmefafa yome.


Nyateƒenya wònye, eye mele ɖiɖim be, wò la naka ɖe nusiawo dzi, bena amesiwo xɔ Mawu dzi se la, nado vevie anɔ dɔ nyui wɔwɔwo dzi. Nusiawo nyo, eye wonye viɖenu na amewo.


ekema ne alẽkplɔla gã la lado la, miaxɔ ŋutikɔkɔe ƒe fiakuku magblẽmagblẽ la.


Amesiame, si wɔa nuvɔ̃ la, edaa se hã dzi, eye nuvɔ̃ enye sedzimawɔmawɔ.


Gake la mekpɔ nusia le ŋutiwò bena, neɖe mɔ na nyɔnu Isabel, si yɔ eɖokui bena nyagblɔɖila, eye wòfiã nu nye dɔlawo heble wo, bene woawɔ ahasi, eye woaɖu nusiwo wosa vɔ na trɔ̃wo.


Eyata Yehowa, Israel ƒe Mawu la, ƒe gbe nye si: Megblɔ tsã be, mana mia kple fofowò ƒe aƒe nanɔ ŋkunye me tegbee; ke azɔ la ale Yehowa gblɔ esi: Nede megbe xaa tso gbɔnye, elabena amesi buam la, mabui, eye amesi doa vlom la, mado vloe.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa