Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Mateo 5:17 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

17 Migabu xa bena, meva se la alo nyagblɔlawo tu ge o. Nyemeva wo tu ge o, ke boŋ wo nu wu ge meva.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

17 “Mise eme nyuie be, menye ɖe meva be mate fli ɖe Mose ƒe seawo kple Nyagblɔɖilawo ƒe nuxlɔ̃amenyawo me o. Gbeɖe, menye nu siawo wɔ ge meva o, ke boŋ ɖe meva be mawu seawo nu, eye mafia woƒe nyateƒenyenye.

Onani mutuwo Koperani




Mateo 5:17
16 Mawu Ofanana  

Edze Yehowa ŋu be, wòaɖe gãnyenye kple ŋutikɔkɔe se la ŋu lé eƒe dzɔdzɔenyenye ta;


Ke Yesu ɖo eŋu gblɔ nɛ bena: Na mɔ azɔ, elabena nenema koe dze mí bena, míawu nu dzɔdzɔewo katã nu. Tete wòɖe mo nɛ.


Eyaŋuti nusianu, si mielɔ̃na bena, amewo nawɔ na mi la, miawo hã miwɔ nenema ke na wo; elabena esia enye se la kple nyagblɔɖilawo.


Ke ele bɔbɔe, be dziƒo kple anyigba nu nayi wu esi se la ƒe ŋɔŋlɔdzesi ɖeka natsi anyi.


Eye Mose de se na mi le se la me bena, woaƒu kpe amesia tɔgbe: azɔ wò la, aleke gblɔm nèle le eŋuti mahã?


hegblɔ bena: Amesia le amewo ƒe tame trɔm, bena woasubɔ Mawu, alesi mele sea nu o.


hele ɣli dom bena: Israel-ŋutsuwo, miva xɔ na mí loo! Amesiae nye amesi nɔa nu fiãm amewo katã le afisiafi hetsi tre ɖe dukɔ la kple se la kpakple teƒe sia ŋuti, eye wu esia la ekplɔ Helatɔwo hã va mawuxɔ la me, eye wòƒo ɖi teƒe kɔkɔe sia.


eye woɖo aʋatsoɖaseɖilawo, amesiwo gblɔ bena: Nenem me sia midzudzɔ nuƒoƒo ɖe teƒe kokoe la kple se la ŋu o;


Elabena se la ƒe nuwuwu enye Kristo, bene amesiame, si xɔna sena la, nakpɔ dzɔdzɔenyenye.


Ekem ɖe mietsɔ xɔse la tu se la mahã? Gbeɖe! Ke mietsɔ se la tu tsitre boŋ.


bene woawu sea ƒe dzɔdzɔenyenye la nu le mí, amesiwo mezɔna le ŋutilã nu o, negbe le Gbɔgbɔ nu ko la me.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa