20 Enumake wogblẽ asabuawo ɖi, eye wodze eyome.
20 Petro kple nɔvia Andrea ɖe asi le asabu la ŋu enumake hekplɔ Yesu ɖo.
Tete wò trɔ tso egbɔ ɖalé nyi eve hewu, eye wòtsɔ nyiawo ƒe ŋutinuwo heɖa lã lae na wo, eye wòtsɔe na ameawo woɖu. Emegbe wòtso dze Eliya yome, eye wòsubɔe.
Mewɔ kaba, be malé ŋku ɖe wò seawo ŋn, eye nyemalala o.
Amesi ke lɔ̃a fofo alo dada wum la, eya medzem o.
Tete Petro xɔ edzi gblɔ nɛ bena: Kpɔ ɖa, miawo miegblẽ nuwo katã ɖi, eye miedze yowòme: nuka gɔ̃e lanye mía to mahã?
Eye wògblɔ na wo bena: Miva nɔ yonyeme, eye mawɔ mi mianye ameɖelawo!
Ke esi wòdzo le afima te yi ŋgɔ la, ekpɔ nɔviŋutsu bubu eve, Yakobo, si nye Zebedeo vi, kple nɔvia Yohanes, wole ʋu me kple wo fofo Zebedeo hele woƒe aɣliwo sam, eye wòyɔ wo.
Eye esi woku ʋuawo va ƒo ɖe go la, wogblẽ nuwo katã ɖi, eye wodze eyome.
bena wòɖe ye ŋuta Via ɖe go fia le menye, bene magblɔ eŋuti nyanyuie la afia le trɔ̃subɔlawo dome la, enumake mía kple ŋutilã kple ʋu míetia nya me o,