Tete Yesu gblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo bena: Ne amea ɖe lɔ̃ bena, yeanɔ yonyeme la, negbe nu le eya ŋutɔ dokui gbɔ, ne woatsɔ eƒe atitsoga la, eye wòadze yonyeme.
Yesu gblɔ nɛ bena: Ne èle didim be, yeazu blibo la, heyi ɖadzra nusiwo le asiwò la, ne natsɔ wo ana ame dahewo, ekema kesinɔnu anɔ dziƒo na wò, eye nava anɔ yonyeme.
Ke esi wòle tsa ɖim le Galilea-ƒua nu la, ekpɔ nɔviŋutsu eve, Simon, si woyɔna be Petro, kple nɔvia Andrea, wole asabu dam ɖe ƒua me: elabena tɔƒodelawo wonye.