Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Mateo 4:18 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

18 Ke esi wòle tsa ɖim le Galilea-ƒua nu la, ekpɔ nɔviŋutsu eve, Simon, si woyɔna be Petro, kple nɔvia Andrea, wole asabu dam ɖe ƒua me: elabena tɔƒodelawo wonye.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

18 Gbe ɖeka esi Yesu nɔ tsa ɖim le Galilea ƒuta va yina la, ekpɔ nɔvi eve aɖewo. Woawoe nye Simɔn, si wogayɔna hã be Petro kple nɔvia Andrea. Wonɔ asabu dam, elabena ɖɔkplɔlawo wonye.

Onani mutuwo Koperani




Mateo 4:18
23 Mawu Ofanana  

Eye Mose kpɔ toa Midian-nunɔla Yetro ƒe alẽwo dzi. Gbe ɖeka esi wòkolɔ alẽawo yi gbedzi la, eva Mawu ƒe to Xoreb gbɔ.


eyata mele dɔwòm ɖe Farao gbɔ, be nakplɔ nye dukɔ Israel-viwo adzoe tso Egipte.


Ɖɔkplɔlawo anɔ eto tso En-Gedi vaseɖe En-Eglayim, eye ɖɔkplɔƒe wòazu; eme lãwo asa gbɔ kpaŋkpaŋ abe atsiaƒu gã me lãwo ene.


Eye liƒo la natso Sefam ato Ribla le Ain ƒe ɣedzeƒe gome, eye liƒo la nazɔ Kineret-ta ƒe ɣedzeƒekpa ŋu.


Apostolo wuieveawo ƒe ŋkɔwo nye esiawo: Gbãtɔ enye Simon, si woyɔna be Petro, kple nɔvia Andrea; Yakobo, Zebedeo vi, kple nɔvia Yohanes:


Eye Yesu dzo le afima te yi ŋgɔ va Galilea-ƒua nu, eye wolia to la hebɔbɔ no anyi ɖe afima.


Eye nye hã mele egblɔm na wò bena: Wòe nye Petro, eye nenem kpe gbadza sia dzi matu ye ha la ɖo, eye tsiẽƒe ƒe agbowo hã mele edzi ɖu ge o.


Eye wògblɔ na wo bena: Miva nɔ yonyeme, eye mawɔ mi mianye ameɖelawo!


Esi wògado go tso Tiro-nutoawo me la, etso Sidon heto Galilea-ƒu la nu heva Dekapoli-nutoawo me ke.


Simon, si woyɔna hã be Petro, kple nɔvia Andrea, Yakobo kple Yohanes, Filipo kple Bartolomeo,


Nusiawo megbe la Yesu gaɖe eɖokui fia nusrɔ̃lawo le Tiberia-ƒu la nu; eye wòɖe eɖokui fia ale:


Nusiawo megbe la Yesu dzo yi ɖe Galilea-ƒu, si nye Tiberia-ƒu la godo.


Eƒe nusrɔ̃lawo dometɔ ɖeka, Andrea, Simon Petro nɔvi la, gblɔ nɛ bena:


hekpe ɖe tagba la kple Yordan ŋu, si enye liƒo tso Kineret vaseɖe tagbaƒu, si enye Dzeƒu la nu, le Pisga ƒe aganu le ɣedzeƒe gome.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa