Vavã mele egblɔm na mi bena, amea ɖewo le amesiwo le tsi tre ɖe afisia la dome, siwo mele ku ɖo ge akpɔ o, vaseɖe esime woakpɔ Amegbetɔvi la le eƒe fiaɖuƒe la me gbɔna.
Eya megbe la eɖe eɖokui fia ame wuiɖekɛawo ŋuta, esi wole nuɖuƒe; eye wòhe nya ɖe wo ŋu le woƒe dzimaxɔse kple dzimesesẽ la ŋuti bena, womexɔ amesiwo kpoe wòtsi tre la, dzi se o.
amesiwo hã wòtsɔ eɖokui fia agbagbe le eƒe fukpekpe la megbe to dzesi kɔte geɖewo me, eye wòna wokpɔe le ŋkeke blaneawo me, eye wòle nu ƒom le mawufiaɖuƒe la ŋuti.