Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Mateo 28:16 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

16 Ke nusrɔ̃la wuiɖekɛawo yi Galilea ɖe to, si Yesu fia wo ɖi la dzi.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

16 Nusrɔ̃la wuiɖekɛawo hã dze Galilea mɔ dzi, eye woyi ɖe to si dzi Yesu ɖo be yeado go wo le la dzi.

Onani mutuwo Koperani




Mateo 28:16
10 Mawu Ofanana  

Ke le nye tsitretsitsi megbe la madze mia ŋgɔ ayi Galilea.


Tete Yesu gblɔ na wo bena: Migavɔ̃ o! Miyi ɖaka eta na nɔvinyewo bena, wòayi Galilea, eye afima woakpɔm le.


Eye miyi kaba ɖagblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo bena: Etsi tre tso ame kukuwo dome; eye kpɔ ɖa, edze mia ŋgɔ yi Galilea, afima míakpɔe le; kpɔ ɖa, metoe na mi.


Gake ne metsi tre megbe la, madze mia ŋgɔ ayi Galilea.


amesiawo hã dze eyome, le esime wònɔ Galilea, eye wosubɔe kpe ɖe nyɔnu bubu geɖe, siwo va Yerusalem kpakplii la ŋuti.


Eya megbe la eɖe eɖokui fia ame wuiɖekɛawo ŋuta, esi wole nuɖuƒe; eye wòhe nya ɖe wo ŋu le woƒe dzimaxɔse kple dzimesesẽ la ŋuti bena, womexɔ amesiwo kpoe wòtsi tre la, dzi se o.


Ke miheyi ɖagblɔe na eƒe nusrɔ̃lawo kple Petro hã bena: Edze mia ŋgɔ yina Galilea, afima miakpɔe le, abe alesi wogblɔ ɖi na mi la ene.


Yesu xɔ dzi na wo bena: Menye nyee da mi ame wuieve oa? Eye mia dometɔ ɖeka nye abosam!


Ke woakpɔ mi abe Mawu ƒe aʋatsoɖaseɖilawo hã ene, elabena míeɖi ɖase ɖe Mawu ŋuti bena, efɔ Kristo ɖe tsitre, amesi mefɔ ɖe tsitre hafi o, nenye be, ele me vavã bena, womefɔ ame kukuwo ɖe tsitre o la.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa