8 Eyaŋuti woyɔ abɔ ma be ʋubɔ vaseɖe egbegbe.
8 Eya ta woyɔa ameɖiƒe sia be, “Ʋubɔ” va se ɖe egbe.
Kpoawo didi, ale be wokpɔa kpoawo nu le megbexɔ la nu tso kɔkɔeƒe la, ke womekpɔa wo tso gota o, eye wotsi afima vaseɖe egbe.
Eye wode adaŋu, eye wotsɔe ƒle zemela ƒe abɔ, ne wòanye amedzrowo ƒe ɖiƒe.
Eye woxɔ klosalo la, eye wowɔ, abe alesi wòfiã mɔnu wo ene; eye nenem nya sia kaka ɖe Yudatɔwo dome vaseɖe egbegbe.
Eye amesiwo katã nɔ Yerusalem la, se nya sia, ale bena woyɔ abɔ ma le woa ŋutɔwo ƒe gbe me be Akeldama, egɔme enye ʋubɔ.
Eye wòɖii ɖe bali la me le Moab-nyigba dzi le Bet-Peor kasa; ke amea ɖeke menya eɖiƒe vaseɖe egbe o.
Ke Yosua tu kpe wuieve ɖe Yordan titina hã, ɖe afisi nunɔla, siwo tsɔ nubablaɖaka, ƒe afɔwo tsi tre ɖo, eye wotsi afima vaseɖe egbe.
Eye ŋutsu la yi ɖatso du ɖe Xititɔwo ƒe anyigba dzi, eye wòna ŋkɔe be Luz; ŋkɔ sia tsi eŋu vaseɖe egbe.