Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Mateo 27:54 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

54 Ke esi aʋafia la kple amesiwo kpe ɖe eŋuti hele Yesu dzɔm la, kpɔ anyigbaʋuʋu kple nusiwo va dzo la, wovɔ̃ ŋuta hegblɔ bena: Nyateƒe, Mawuvie nye esia!

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

54 Esi asrafo siwo klãe ɖe atia ŋuti kple woƒe amegãwo kpɔ nu siwo va dzɔ kple ale si anyigba ʋuʋui la, ŋɔdzi kple vɔvɔ̃ lé wo, eye wogblɔ be, “Ame sia nye Mawu ƒe Vi vavã.”

Onani mutuwo Koperani




Mateo 27:54
22 Mawu Ofanana  

Ke Yesu zi kpi. Eye nunɔlagã la xɔ edzi gblɔ nɛ bena: Meta Mawu gbagbe la na wò, be nagblɔe na mí nenye wòe nye Kristo, Mawuvi la!


Eye wobɔbɔ nɔ anyi ɖe afima le eŋu dzɔm.


eye wole gbɔgblɔm bena: Wò, amesi le mawuxɔ la gbãm gale etum le ŋkeke etɔ̃agbe la, ɖe ɖokuiwò; nenye Mawuvi nènye la, ekema ɖi le atitsoga la ŋuti!


Eɖo dzi ɖe Mawu ŋuti; eya naɖee azɔ, ne elɔ̃nɛ, elabena egblɔ be, Mawuvi yenye.


Eye kpo ɖa, mawuxɔmetsovɔ la dze ɖe eve tso tagba vaseɖe egɔme, eye anyigba ʋuʋu, eye kpe gbadzawo wo,


Eye tela te ɖe eŋu gblɔ nɛ bena: Nenye Mawuvi nènye la, ekema gblɔ na kpe siawo be, wòatro zu abolo.


Eye esi wòva Kapernaum la, aʋafiaa ɖe va egbɔ le kuku ɖem nɛ


Ke esi aʋafia, si le tsitre dze ŋgɔe la, kpɔ bena, etsɔ eƒe gbɔgbɔ la na ale la, egblɔ bena: Nyateƒe, nenem me sia enye Mawuvi.


Eye wo katã gblɔ bena: Ekema Mawuvi nènye mahã? Eye wògblɔ na wo bena: Miawoe le egblɔm bena: Nyee.


Yudatɔwo ɖo eŋu ne bena: Se le mía si, eye le se la nu la edze bena, woaku; elabena etsɔ eɖokui wɔ Mawuvi.


Eye ŋutsua ɖe le Kaisarea, eŋkɔe nye Kornelio, amesi nye aʋafia le asrafoha, si woyɔna bena Italiatɔwo tɔ la nu,


Ke esi wose esia la, etɔ woƒe dzi me, eye wogblɔ na Petro kple apostolo mamleawo bena: Ŋutsuwo kple nɔviwo! Nuka wɔ ge míala?


Le gaƒoƒo ma ke dzi wòɖe asrafowo kple aʋafiawo kpe ɖe eɖokui ŋu, eye wòƒu du ɖi yi ɖe wo dome; ke woawo la, esi wokpɔ aʋafia gã la kple asrafoawo la, wodzudzɔ Paulo ƒoƒo.


Tete Paulo ya aʋalawo dometɔ ɖeka va egbe gblɔ bena: Kplɔ ɖekakpui sia yi aʋafia gã la gbɔ, elabena nyaa ɖe le esi be, wòaka eta nɛ.


Eye wòyɔ aʋafiawo dome ame eve va egbɔ gblɔ bena: Midzra asrafo alafa eve ɖo, ne wòayi Kaisarea kple sɔtɔ blaadre kpakple akplɔtɔ alafa eve le zã gaƒoƒo etɔ̃lia dzi;


Eye esi woɖoe bena, miaɖo nu ayi Italia la, wotsɔ Paulo kple gatɔ bubua ɖewo de aʋafiaa ɖe, si ŋkɔ enye Yulio tso, kaisaro ƒe asrafoha dome la si.


Gake esi aʋafia la le didim bena, yeaɖe Paulo la, exe mɔ na woƒe tameɖoɖo la, eye wòde se bena, amesiwo ate ŋu aƒu tsi la, nadzo kpo gbã adze ƒua me, ne wòayi gota,


si woɖo Mawuvi kple ŋusẽ le kɔkɔenyenye ƒe Gbɔgbɔ la nu to tsitretsitsi tso ame kukuwo dome la me, amesi nye Yesu Kristo, mia Aƒetɔ,


Eye le gaƒoƒo kema ke me la anyigba ʋuʋu ŋutɔ, eye du la ƒe akpa ewolia mũ dze anyi, eye wowu ame akpe adre le anyigbaʋuʋu la me, eye susɔeawo vɔ̃ ŋutɔ, eye wotsɔ ŋutikɔkɔe na dziƒo Mawu la.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa