Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Mateo 27:51 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

51 Eye kpo ɖa, mawuxɔmetsovɔ la dze ɖe eve tso tagba vaseɖe egɔme, eye anyigba ʋuʋu, eye kpe gbadzawo wo,

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

51 Eye kpɔ ɖa, xɔmetsovɔ si wotsɔ xe Kɔkɔeƒewo ƒe Kɔkɔeƒe le gbedoxɔ me la ma ɖe eve enumake tso tame va se ɖe egɔme, eye anyigba ʋuʋu kpekpekpe; agakpe gãwo hã gbã,

Onani mutuwo Koperani




Mateo 27:51
26 Mawu Ofanana  

Eye wòtsɔ aɖabɛ blɔtɔ kple dzĩtɔ ƒe ka, ka dze kple ka ɣi lɔ̃ xɔmetsovɔ la, eye wòlɔ̃ Kerubiwo ɖe eme.


Eɖo ete aŋutrɔwo ɖa wokaka wo me, kple dzikedzo geɖe ɖa wotɔtɔ wo.


Esi meɖo xaxa me la, meyɔ Yehowa, eye medo ɣli na nye Mawu. Ese nye gbe le eƒe gbedoxɔ me, eye nye ɣlidodo de egbɔ ge ɖe eƒe to me.


Eye wokɔ aɖa ka la da ɖe nɔƒe la, eye wotsɔ xɔmetsovɔ la xe nubablaɖaka la ŋku me, abe alesi Yehowa de se na Mose ene.


Eye woade avɔ, si tsyɔ dukɔwo katã dzi, kple nutsyɔnu, si tsyɔ anyigba dzi dukɔwo katã dzi la ɖa le to sia dzi.


Eye Yehowa gblɔ na Mose bena: Gblɔ na nɔviwò Aron be, megayi ɖe kɔkɔeƒe la me le xɔmetsovɔ la godo le nutsyɔnu, si le aɖaka la dzi la ŋgɔ ɣesiaɣi, be wòagava ku o; elabena meɖea ɖokuinye fiana le alilikpo me le nutsyɔnu la dzi.


Ɖeko mekpɔ mɔ ava xɔmetsovɔ la gbɔ o, eye mekpɔ mɔ ate ɖe vɔsamlekpui la ŋu o, elabena nuwɔametɔ wònye, bena magaƒo ɖi nye teƒe kɔkɔeawo o; elabena nye Yehowa ŋutɔe kɔ wo ŋu.


Towo kpɔ wò, eye wodzo kpekpekpe, eye tɔwo gbagba ɖe anyi bababa; agumetsiwo na wose wo ŋkɔ, eye wodo alo ɖe dzi.


Eho, be naxɔ na wò dukɔ, naxɔ na wò amesiamina la; egbã ta le ame vɔ̃ɖi ƒe aƒe nu, eye wòɖi ƒeƒle tso afɔ gɔme vaseɖe kɔ gbɔ. Sela.


Ne ameha la le hoho ge la, ekema Aron kple viaŋutsuwo nayi ɖe eme, eye woaɖe xɔmetsovɔ la atsyɔ na aɖaka, si me se la le,


Ke esi aʋafia la kple amesiwo kpe ɖe eŋuti hele Yesu dzɔm la, kpɔ anyigbaʋuʋu kple nusiwo va dzo la, wovɔ̃ ŋuta hegblɔ bena: Nyateƒe, Mawuvie nye esia!


Eye kpɔ ɖa, anyigba ʋuʋu ŋutɔ, elabena Aƒetɔ la ƒe dɔla ɖi tso dziƒo va mli kpe la ɖa le yɔdo la nu, eye wòbɔbɔ no edzi.


Eye mawuxɔmetsovɔ la dze ɖe eve tso tagbɔ vaseɖe egɔme.


eye ɣe la ɖo viviti, eye mawuxɔmetsovɔ la dze ɖe eve kpla.


Eye esi asrafowo dzikpɔla kpɔ nusiwo va dzɔ la, ekafu Mawu gblɔ bena: Vavã amesia nye ame dzɔdzɔe.


eye mɔkpɔkpɔ ma le mía si abe luʋɔ ƒe seke, si li dedie, eye wòsesẽ, eye wòyina ɖe xɔmetsovɔ ƒe emelɔƒo la ene,


Ke le xɔmetsovɔ evelia megbe la agbadɔ, si woyɔna be kɔkɔeƒe ƒe kɔkɔeƒe la li,


Eye le gaƒoƒo kema ke me la anyigba ʋuʋu ŋutɔ, eye du la ƒe akpa ewolia mũ dze anyi, eye wowu ame akpe adre le anyigbaʋuʋu la me, eye susɔeawo vɔ̃ ŋutɔ, eye wotsɔ ŋutikɔkɔe na dziƒo Mawu la.


Eye wotu mawuxɔ, si le dziƒo, eye wokpɔ eƒe nubablaɖaka le eƒe xɔ la me, eye dzikedzowo kple gbeɖiɖiwo kple dziɖegbewo kple anyigbaʋuʋu kple tsikpe gãwo va dzɔ.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa