Le kwiasiɖa blaade vɔ eve megbe la woatsrɔ̃ amesiamina la fɔmaɖimaɖii, eye amegã, si le vava ge la ƒe dukɔ agbã du la kple kɔkɔeƒe la, eye enu ayi abe tɔsisie kplɔe dzoe ene; aʋawɔwɔ kple aƒedo ana anyi vaseɖe nuwuwu.
Azɔ alesi viawo kpɔ ʋu kple ŋutilã ƒe gome la, nenema ke eya hã kpɔ ekemawo ƒe gome, bene wòato ku me aɖi gbɔ amesi si ku ƒe ŋusẽ le, si nye Abosam la,
Amesi tso gbedodoɖawo kple kukuɖeɖewo le eƒe ŋutilã me nono ƒe ŋkekewo me hekpe ɖe ɣlidodo sesĩ kple aɖatsiwo ŋu va amesi te ŋu xɔe tso ku me la gbɔ, eye wòɖo toe le esi wòvɔ̃a Mawu la ŋuti;