Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Mateo 27:42 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

42 Eɖe ame bubuwo, eye mate ŋu aɖe ye ŋutɔ ɖokui o; nenye Israel ƒe fia wònye la, ekema neɖi le atitsoga la ŋuti azɔ, eye miaxɔ edzi ase.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

42 “Èɖe ame bubuwo, gake màte ŋu aɖe ɖokuiwò o! Ke wò boŋue nye Israel ƒe fia la? Nenye wòe la, ɖi le atitsoga la ŋuti, ekema míaxɔ dziwò ase.

Onani mutuwo Koperani




Mateo 27:42
14 Mawu Ofanana  

Afika Yudalawo ƒe fia, si wodzi la le? Elabena miekpɔ eƒe ɣletivi le ɣedzeƒe, eye mieva ta de ge agu na eyama esi.


Eye woŋlɔ eƒe nutsonya ɖo tagbɔ nɛ bena; Yesu, Yudatɔwo ƒe fia la, enye esi!


eye wole gbɔgblɔm bena: Wò, amesi le mawuxɔ la gbãm gale etum le ŋkeke etɔ̃agbe la, ɖe ɖokuiwò; nenye Mawuvi nènye la, ekema ɖi le atitsoga la ŋuti!


Nenema ke nunɔlagãwo kple agbalẽfialawo kple dumegãwo le fewu ɖum le eŋuti le gbɔgblɔm bena:


Nenema ke nunɔlagãwo kple agbalẽfialawo hã le fewu ɖum le wo nɔewo dome bena: Ame bubuwo la, eɖea wo, eye mate ŋu aɖe eɖokui o.


Kristo, Israel ƒe fia la, azɔ ɖi le atitsoga la ŋuti, bena míakpɔe, eye miaxɔ ase! Eye amesiwo woklã ɖe ati ŋuti kpe ɖe eŋuti la, woawo hã dzui.


gblo bena: Woayra fia, si gbɔna le Aƒetɔ la ƒe ŋkɔa me; ŋutifafa le dziƒo, eye ŋutikɔkɔe le dziƒo boo!


Eye ameha la le tsi tre le nu kpɔm ɖa. Eye dumegãwo hã ɖo hehe ɖe eta gblɔ bena: Eɖe ame bubuwo, neɖe ye ŋutɔ ɖokui hã, ne esia nye Kristo, Mawu ƒe ame tiatia la.


gblɔ bena: Nenye wòe nye Yudatɔwo ƒe fia la, ekema ɖe wò ŋutɔ ɖokuiwò.


Natanael ɖo ŋu nɛ bena: Rabi, wòe nye Mawu ƒe Vi, wòe nye Israel ƒe fia.


wotsɔ deʋayawo, eye wodo go yi ekpe ge, eye wodo ɣli bena: Wosana! Woayra amesi gbɔna le Aƒetɔ ƒe ŋkɔa me, amesi nye Israel ƒe fia la.


Eye ne amea ɖe sea nye nyawo, eye medzra wo ɖo o la, nyemedrɔ̃a ʋɔnui o; elabena nyemeva, be madrɔ̃ ʋɔnu xexeame o, ke boŋ bena maɖe xexeame.


Ale wogayɔ amesi ƒe ŋkuwo gbã tsã la zi evelia, eye wogblɔ nɛ bena: Tsɔ kafukafu na Mawu, miawo míenyae bena, amesia la nuvɔ̃wɔla wònye.


Eye esi wokpɔ amesi ŋu woda gbe le, le tsitre ɖe wo gbɔ la, nyaa ɖeke mele wo si woagblɔ ɖe eŋuti o.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa