Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Mateo 27:41 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

41 Nenema ke nunɔlagãwo kple agbalẽfialawo kple dumegãwo le fewu ɖum le eŋuti le gbɔgblɔm bena:

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

41 Nunɔlagãwo kple agbalẽfialawo kple dumegã siwo le afi ma la ɖu fewu le eŋu be,

Onani mutuwo Koperani




Mateo 27:41
12 Mawu Ofanana  

Ne edzro mia me kpɔ la, ɖe eteƒe akɔa? Alo ɖe miebe, yewoaflui, abe alesi woflua amegbetɔ enea?


Ŋu nekpe amesiwo le dzidzɔ kpɔm le nye dzɔgbevɔ̃e ŋu la, eye woƒe mo netsi dã: vlododo kple ŋukpe nenyẽ tsyɔ amesiwo le asi ƒum akɔ ɖe ŋunye la!


Eyata miganɔ fewu ɖum, ne miaƒe babla nadzi goŋgoŋ o; elabena wotsrɔ̃ kple tameɖoɖo kplikpaa mese tso Aƒetɔ, Yehowa Zebaot gbɔ ɖe anyigba blibo la ŋu.


Ale Yehowa, Israel ƒe xɔnametɔ kple eƒe kɔkɔetɔ la gblɔ na amesi wodo vloe, amesi dukɔ la nyɔ ŋui, amesi nye dziɖulawo ƒe kluvi la, enye si; Fiawo akpɔe ahatso ɖe tsitrenu, eye amegãwo aɖe ta agu le Yehowa, amesi metrɔa ta me o la ta, le Israel ƒe kɔkɔetɔ, amesi tia wò la ta.


Metsrɔ̃ lãkplɔvi etɔ̃ ɖa le dzinu ɖeka me; woƒe nu ti kɔ nam, eye nye nu ti kɔ na woawo hã.


eye wole gbɔgblɔm bena: Wò, amesi le mawuxɔ la gbãm gale etum le ŋkeke etɔ̃agbe la, ɖe ɖokuiwò; nenye Mawuvi nènye la, ekema ɖi le atitsoga la ŋuti!


Eɖe ame bubuwo, eye mate ŋu aɖe ye ŋutɔ ɖokui o; nenye Israel ƒe fia wònye la, ekema neɖi le atitsoga la ŋuti azɔ, eye miaxɔ edzi ase.


Elabena woadee asi na trɔ̃subɔlawo, eye woaɖu fewu le eŋuti, eye woaɖo vloe, eye woaɖe ta ɖe eŋu;


Eye Yesu gblɔ na nunɔlagãwo kple mawuxɔdzikpɔlawo kpakple amegã, siwo va dze edzi la bena: Mietso ɖe ŋunye kple yiwo kple kpowo, abe alesi wotsona ɖe adzodala ŋu ene.


Eye ameha la le tsi tre le nu kpɔm ɖa. Eye dumegãwo hã ɖo hehe ɖe eta gblɔ bena: Eɖe ame bubuwo, neɖe ye ŋutɔ ɖokui hã, ne esia nye Kristo, Mawu ƒe ame tiatia la.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa