Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Mateo 27:30 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

30 Eye woɖe ta ɖe eŋuti, eye woxɔ ayeti la ƒo tame nɛ.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

30 Azɔ la, wotu ta ɖe eŋuti, eye woxɔ atikplɔ la le esi hetsɔ ƒo dzodome nɛ sesĩe.

Onani mutuwo Koperani




Mateo 27:30
12 Mawu Ofanana  

Ale Yehowa, Israel ƒe xɔnametɔ kple eƒe kɔkɔetɔ la gblɔ na amesi wodo vloe, amesi dukɔ la nyɔ ŋui, amesi nye dziɖulawo ƒe kluvi la, enye si; Fiawo akpɔe ahatso ɖe tsitrenu, eye amegãwo aɖe ta agu le Yehowa, amesi metrɔa ta me o la ta, le Israel ƒe kɔkɔetɔ, amesi tia wò la ta.


Mesia nye mẽdome ɖi na ameƒolawo, eye meɖo nye tome anyi na amesiwo nyɔa ɖa; nyemetsyɔ nu ŋku me le vlododo kple taɖeɖe ŋuti o.


Alesi ame geɖewo ƒe nu ku ɖe ŋuwò, alesi eƒe nɔnɔme vlo wu amegbetɔwo tɔ, eye eƒe kpɔkpɔme vlo wu amegbetɔviwo tɔ la,


Amegbetɔwo do vloe, eye wogbee, ŋutsu kpehiã kple amesi dzi dɔléle le la wònye, wodo vloe abe amesi ta wotsyɔ nu ŋku me ɖo la ene, eye míebui ɖe naneke me o.


Wowɔ fui, ke ebɔbɔ eɖokui eye meke nu o; abe alẽ, si wokplɔ yina wuwu ge, kple alẽvi, si li kpoo le eƒe fukolawo ŋku me ene la, nenema eya hã meke nui o.


Ke wò Betlexem Efrata, esi nènye suetɔ le Yuda ƒe ƒomeawo dome hã la, mewò Israel ƒe dziɖula le dzɔdzɔ ge atso nam, amesi dzɔɣi tso tititi le gbaɖegbe ʋĩ ke.


Tete woɖe ta ɖe mo nɛ, wotu koe, eye amea ɖewo hã ƒo tome nɛ


eye woaɖu fewu le eŋuti, eye woaɖe ta ɖe eŋu, eye woaƒoe kple atam, eye woawui, eye ŋkeke etɔ̃agbe la atsi tre.


Eye amea ɖewo de asi taɖeɖe me ɖe eŋu, eye wotsyɔ nu mo nɛ, eye wotu kɔe, eye wogblɔ nɛ bena Fia amesi ƒo wò; eye dɔlawo ƒo tome nɛ.


Eye woƒo tame nɛ kple ayeti, eye woɖe ta ɖe eŋuti, eye wodze klo nɛ hede ta agu nɛ.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa