Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Mateo 27:3 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

3 Tete esi Yuda, amesi fia eyome mɔ, kpɔ bena, wotso kufia nɛ la, evee, eye wògbugbɔ klosalo, blaetɔ̃ la yi na nunɔlagãwo kple amegãwo gblɔ bena:

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

3 Le ɣeyiɣi sia me la, Yuda, ame si de Yesu asi la, kpɔ be wotso kufia nɛ. Eƒe susu trɔ, eye wòvee vevie be wòwɔ esia, eya ta egbugbɔ ga si wòxɔ le nunɔlagãwo kple Yudatɔwo ƒe dumegãwo si la yi na wo.

Onani mutuwo Koperani




Mateo 27:3
15 Mawu Ofanana  

Ame vlowo ƒe aseyetsotso nu mesena yina o, eye ame vɔ̃ɖi ƒe dzidzɔ nɔa anyi aɖabaƒoƒo ɖeka koa?


Ne nyi la tu dzo kluvi alo kosivi la, ekema nyia tɔ naxe klosalo sekel blaetɔ̃ na eƒe aƒetɔ.


Eye Yehowa gblɔ nam bena; Tsɔ fetu gbogbo ma, si wohe, ye-wotsɔ de bubu ŋunye la, ƒu gbe ɖe nudzraɖeƒe la me. Tete metsɔ klosalo sekel blaetɔ̃ la ƒu gbe ɖe Yehowa ƒe aƒe ƒe nudzraɖoƒe me.


Eye le fiẽnuɖuƒe, esi Abosam ɖee Yuda Iskariot, Simon vi la, ƒe dzi me xoxo bena, wòafia eyome mɔ,


Eye le alɔgomedede la megbe la, tete Abosam yi ɖe eyama me. Tete Yesu gblɔ nɛ bena: Nusi wɔ ge nala la, wɔe kaba.


Azɔ, esi Yuda xɔ asrafoha kpe de nunɔlagãwo kple farisitɔwo ƒe dɔlawo ŋu la, egbɔna afima kple akakatiwo kple akaɖiwo kpakple aʋawɔnuwo.


Azɔ amesia tsɔ nu madzɔmadzɔ fetu ƒle abɔ, eye esi wòɖe goglomi dze anyi la, ewo ɖe titina; eye eƒe dɔmenuwo do go hlẽ?


Elabena nuxaxa ɖe Mawu ƒe didi nu la wɔa dzimetɔtrɔ, si mevea ame o, hena xɔxɔ; ke xexeame ƒe nuxaxa hea ku ve.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa