Esi woɖo teƒe, si Mawu gblɔ nɛ la, Abraham ɖi vɔsamlekpui, eye wòtɔ nakeawo ɖo edzi; emegbe la ebla via Isak, eye wòkɔe mlɔ nake, siwo le vɔsamlekpuia dzi la dzi.
Eye wole eŋu dzɔm, eye wodo adzamenɔla, siwo da alakpa be, yewonye ame dzɔdzɔewo la ɖa, bena woalée le nya me, ne yewoadee asi na fia kple mɔ̃mefia ƒe ŋusẽ?
Ke gbesigbe Herodes le eɖe ge ɖe go afia ƒe zã me la, Petro le alɔ̃ dɔm hele babla kple kɔsɔkɔsɔ eve le asrafo eve dome, eye dzɔlawo le ʋɔtrua nu hele gaxɔ la ŋuti dzɔm.
Eye esi wohee ɖe ka me, be woaƒoe la, Paulo gblɔ na aʋafia, si le tsitre ɖe egbɔ la bena: Ɖe woɖe mɔ na mi be, míaƒo amesi nye Romatɔ kple atam fɔ mabumabua?
Abraham kple Isak kple Yakob ƒe Mawu la, mia fofowo ƒe Mawu la, kɔ eƒe dɔla Yesu ŋuti, amesi miawo mietsɔ de asi, eye miegbe nu le egbɔ le Pilato ƒe ŋku me, esi ame ma tso afia bena, yeaɖe asi le eŋu.
Elabena vavã woƒo ƒu le ɖu sia me ɖe wò dɔla kɔkɔe Yesu, amesi nèsi ami na la ŋuti, Herodes kple Pontio Pilato kpe ɖe trɔ̃subɔlawo kple Israel-dukɔwo ŋuti,
eye wòbia agbalẽwoe bena, yeayi Damasko ɖe ƒuƒoƒeawo me, ne yeakpɔ amesiwo le nenem mo sia dzi, ŋutsuwo kple nyɔnuwo la, ne yeabia wo akplɔ va Yerusalem.