Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Mateo 27:15 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

15 Eye le ŋkekenyuie sia dzi ɖaa la mɔ̃mefia la lɔ̃a asiɖeɖe le gatɔ ɖeka ŋuti na ameha la, amesi ke wolɔ̃.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

15 Enye mɔmefia la ƒe ɖoɖo be ne Ŋutitotoŋkekenyui la ɖo edzi ƒe sia ƒe la, yeaɖe asi le Yudatɔ gamenɔla si wodi la ŋuti.

Onani mutuwo Koperani




Mateo 27:15
11 Mawu Ofanana  

Ke wogblɔ bena: Menye le ŋkekenyuie la dzi o, bena zi nagatɔ le dukɔ la dome o.


Ke le ɣemaɣi me la gatɔa ɖe, si ameawo nya la, le wo si, si woyɔna be Baraba.


Eyaŋuti maƒoe, eye maɖe asi le eŋu.


Ke ele nɛ be, wòaɖe asi le gatɔ ɖeka ŋu na wo le ŋkekenyuie la dzi.


Ke wo katã do ɣli hoo gblɔ bena: Ɖe esia ɖa, eye naɖe asi le Baraba ŋuti na mí,


Ke Petro le tsitre ɖe ʋotru la nu le gota. Tete nusrɔ̃la keme, si nye nunɔlagã la ƒe ame nyanyɛ la, do go, eye wòƒo nu kple nyɔnu ʋɔtrunudzɔla la, eye wòkplɔ Petro yi ɖe eme.


Tete wòdee asi na wo, bena woaklãe ɖe ati ŋuti.


Ke le ƒe eve megbe la Porkio Festo va nɔ Felike teƒe; eye esi Felike le didim be, yeave Yudatɔwo nu la, egblẽ Paulo ɖe ga me.


Ke esi Festo le didim bena, yeave Yudatɔwo nu la, exɔ dzi na Paulo gblɔ bena: Elɔ̃ bena, nayi Yerusalem, ne woadrɔ̃ ʋɔnu wò le afima le nusiawo ŋuti le ŋkunye me mahã?


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa