Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Mateo 27:11 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

11 Eye Yesu le tsitre ɖe mɔ̃mefia la ƒe ŋku me, eye mɔ̃mefia la biae bena: Wòe nye Yudatɔwo ƒe fia la mahã? Yesu gblɔ nɛ bena: Wòe gblɔe.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

11 Azɔ la, Yesu tsi tsitre ɖe Pilato, Roma dziɖuɖu la ƒe mɔmefia ƒe ŋkume. Gɔvina la biae be, “Wòe nye Yudatɔwo ƒe fia la?” Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Ɛ̃, abe ale si miegblɔe ene.”

Onani mutuwo Koperani




Mateo 27:11
11 Mawu Ofanana  

eye woakplɔ mi ayi ɖe mɔ̃mefiawo kple fiawo ƒe ŋku me le tanye, ne wòanye ɖaseɖiɖi na woa kple trɔ̃subɔlawo.


Esɔ gbɔ na nusrɔ̃la, ne woazu abe eƒe nufiala ene, kple subɔla abe eƒe aƒetɔ ene. Ne woyi aƒetɔ la be Beelzebul la, aleke woahayɔ eƒe aƒemetɔwo a wui?


Afika Yudalawo ƒe fia, si wodzi la le? Elabena miekpɔ eƒe ɣletivi le ɣedzeƒe, eye mieva ta de ge agu na eyama esi.


Eye Yuda, amesi fia eyome ma la, xɔ edzi gblɔ bena: Nyea, Rabi? Egblɔ nɛ bena: Wòe gblɔe.


Yesu gblɔ nɛ bena: Wòe gblɔe; gake la mele egblɔm na mi bena: Tso esia dzi miele Amegbetɔvi la kpo ge, wòabɔbɔ nɔ anyi de ŋusẽ ƒe nuɖusi me, ana dziƒo ƒe alilikpowo dzi gbɔna.


Eye Yesu gblɔ bena: Nyee! Eye miakpɔ Amegbetɔvi la wòanɔ anyi ɖe ŋusẽ ƒe nuɖusi me gbɔna kple dziƒo ƒe alilikpowo.


Eye wo katã gblɔ bena: Ekema Mawuvi nènye mahã? Eye wògblɔ na wo bena: Miawoe le egblɔm bena: Nyee.


Mele se ɖem na wò le Mawu, si gbɔa agbe nuwo katã, kple Kristo Yesu, si ɖi emeʋuʋu nyui ƒe ɖase le Pontio Pilato gbɔ la, ƒe ŋku me


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa