Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Mateo 27:1 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

1 Ke esi ŋu ke la, nunɔlagãwo kple dumegãwo katã de adaŋu le Yesu ŋuti, bena yewoawui;

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

1 Esi ŋu ke la, nunɔlagãwo kple Yudatɔwo ƒe dumegã bubuwo kpe ta be yewoade ŋugble le ale si woawɔ able Romatɔwo ƒe dziɖuɖua nu ne woatso kufia na Yesu la ŋuti.

Onani mutuwo Koperani




Mateo 27:1
16 Mawu Ofanana  

Anyigba dzi fiawo tso, eye amegãwo ƒo takpli ɖe aɖaŋu me ɖe Yehowa kple eƒe amesiamina ŋu.


Woŋlɔm be le dzi me abe ame kuku ene, eye medi ze gbagbã.


Elabena nye futɔwo le nu ƒom le ŋunye, eye amesiwo de xa ɖe nye agbe ŋu la, le adaŋu dem kple wo nɔewo


Baba na amesiwo ɖoa dzɔ-gbevɔ̃e ɖe ta me, eye wobua nu vɔ̃ɖl wɔwɔ ŋu le woƒe abawo dzi! Ne agu dze la, wowɔnɛ, elabena ŋusẽ le wo si,


Ke baba na mi, agbalẽfialawo kple farisitɔwo, alakpatɔwo, bena mietua dziƒofiaɖuƒe la ɖe amewo nu; elabena mia ŋutɔwo mieyina ɖe eme o, eye amesiwo le yiyim ɖe eme hã la, mieɖea mɔ na wo be, woayi o.


Eye enumake le ŋdikanya, esi nunɔlagãwo kple dumegãwo kple agbalẽfialawo kpakple ʋɔnudrɔ̃lawo katã de adaŋu la, wòbia Yesu, eye wokplɔe yi ɖade asi na Pilato.


Ke le ɣemaɣi me la amea ɖewo le afima, siwo ka Galileatɔ, siwo ƒe ʋu Pilato tɔtɔ kple woƒe numemewo la, ŋutinya ta nɛ.


Eye esi ŋu ke la, dumegãwo kple nunɔlagãwo kpakple agbalẽfialawo ɖi anyi, eye wokplɔe heyi ɖe woƒe takpekpe la me gblɔ bena: Nenye wòe nye Kristo la, gblɔe na mi.


Azɔ wokplɔ Yesu tso Kayafa gbɔ heyi ɖe ʋɔnudrɔ̃ƒe la, eye fɔŋli ti, ke woa ŋutɔwo meyi de ʋɔnudrɔ̃ƒe la, bena yewomagagblẽ kɔ ɖo o, ke boŋ bena yewoate ŋu aɖu ŋutitoto la.


Eye esi wosee la, woto dzi yi mawuxɔ me le ŋdikanya, eye wòfiã nu. Ke nunɔlagã kple amesiwo le eŋu la, wova, eye woyɔ adaŋudelawo kple Israel-viwo ƒe ame tsitsiwo katã va ƒo ƒu, eye wodo ɖo ɖe gaxɔ me, be woakplɔ wo vɛ.


Esi wofi tofi na Gazatɔwo bena, Simson va afisia la, woɖe to ɖee, eye wode xa ɖe du la ƒe agbo nu nɛ le zã blibo la katã me; wozi ɖoɖoe le zã blibo la katã me be, ne ŋu ke la, yewoawui.


Tete Saul dɔ amewo ɖo ɖe Dawid ƒe me, be woadzɔ eŋu, eye ne ŋu ke la, woawui. Eye Dawid srɔ̃ Mixal gblɔ nɛ bena: Ne mèɖe wò agbe le zã sia me o la, ekema ne ŋu ke la, àku!


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa