72 Eye wògasẽ nu kple atamkaka gblɔ bena: Nyemenya ame la o.
72 Azɔ Petro ka atam be, “Nyemenya ŋutsu la le afi aɖeke kura o!”
Megayɔ Yehowa, wo Mawu, ƒe ŋkɔ yakayaka o, elabena Yehowa magbe tohehe na amesi yɔa eƒe ŋkɔ dzodzro la o.
Misee, Yakob ƒe aƒe, mi amesiwo tso Israel ƒe ŋkɔ, eye miedzɔ tso Yuda ƒe tsidzɔƒewo, mi amesiwo taa Yehowa ƒe ŋkɔ, eye miekafua Israel ƒe Mawu la, ke menye le nya teƒe kple dzɔdzɔenyenye me o.
Migaɖo vɔ̃ ɖe dzi me ɖe mia nɔewo ŋu o, eye alakpatamkaka megavivi mia nu o, elabena melé fu nusiawo kafã, Yehowa ye gblɔe.
Maɖi ʋɔnu ɖe mia ŋu, eye manye ɖasefo zãzɛ ɖe dzotɔwo kple ahasitɔwo, atam dzodzro kalawo kple amesiwo ŋea fetu ɖe eme na dɔwɔlawo, ɖe amesiwo tea ahosiwo, tsyɔ̃eviwo kple amedzrowo ɖe anyi, eye wogbem vɔvɔ̃ la ŋufi; Yehowa Zebaot ye gblɔe.
Ke esi wòto agboa nu do go la, nyɔnudɔla bubu hã kpɔe, eye wògblɔ na amesiwo le afima bena: Amesia nɔ anyi kple Yesu, Nazaretetɔ la kpɔ.
Eye esia megbe ʋee la amesiwo le tsitre ɖe afima la, va gblɔ na Petro bena: Nyateƒee, wò hã wo dometɔ ɖeka nènye; elabena wò nuƒoƒo le ha ɖem wò.
Tete la wòde asi fiƒoƒode kple atamkaka me bena: Nyemenya ame la o. Eye kasia koklo ku atɔ.
Eye wògblɔ bena: Petro, mele egblɔm na wò bena: Koklo mele atɔ ku ge egbea, hafi nasẽ nu zi etɔ̃ bena, yemenyam o.