Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Mateo 26:67 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

67 Tete woɖe ta ɖe mo nɛ, wotu koe, eye amea ɖewo hã ƒo tome nɛ

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

67 Azɔ amewo ƒu du ɖe edzi, ɖe ta ɖe eŋu, eye ɖewo tu kɔe, ƒo tome nɛ

Onani mutuwo Koperani




Mateo 26:67
24 Mawu Ofanana  

Tete Zedekiya, Kenaana vi, te va ƒo to me na Mixa gblɔ bena: Afika Yehowa ƒe gbɔgbɔ dzo le gbɔnye yi hafi ƒo nu kpli wò?


Mesia nye mẽdome ɖi na ameƒolawo, eye meɖo nye tome anyi na amesiwo nyɔa ɖa; nyemetsyɔ nu ŋku me le vlododo kple taɖeɖe ŋuti o.


Alesi ame geɖewo ƒe nu ku ɖe ŋuwò, alesi eƒe nɔnɔme vlo wu amegbetɔwo tɔ, eye eƒe kpɔkpɔme vlo wu amegbetɔviwo tɔ la,


Amegbetɔwo do vloe, eye wogbee, ŋutsu kpehiã kple amesi dzi dɔléle le la wònye, wodo vloe abe amesi ta wotsyɔ nu ŋku me ɖo la ene, eye míebui ɖe naneke me o.


Pasxur ƒo nyagblɔɖila Yeremya, eye wòbɔ pãe ɖe Benyamin-gbo dzigbeta, si le Yehowa ƒe aƒe ŋu la nu.


neɖo to me anyi na amesi le eƒom, eye netsɔ ŋukpe ɖi ƒoe.


Etsɔ mi wɔ gbeɖuɖɔ kple ŋunyɔnui le dukɔwo dome.


Ke wò Betlexem Efrata, esi nènye suetɔ le Yuda ƒe ƒomeawo dome hã la, mewò Israel ƒe dziɖula le dzɔdzɔ ge atso nam, amesi dzɔɣi tso tititi le gbaɖegbe ʋĩ ke.


Yehowa ɖo ŋu na Mose bena; Ɖe wònye fofoa ye ɖe ta ɖe mo nɛ la, ne ŋu makpee ŋkeke adre oa? Eyata woatui ɖe xɔ me le asaɖa godo ŋkeke adre, emegbe hafi woagaxɔe.


le gbɔgblɔm bena: Kristo, amekae ƒo wò, gblɔe fia mi.


Eye woɖe ta ɖe eŋuti, eye woxɔ ayeti la ƒo tame nɛ.


ke nye la mele egblɔm na mi bena: Migatsi tre ɖe ame vɔ̃ɖi la ŋuti o; ke boŋ amesi ke ƒo wò nuɖusi tome la, nyẽ ekeme hã nɛ;


eye woaɖu fewu le eŋuti, eye woaɖe ta ɖe eŋu, eye woaƒoe kple atam, eye woawui, eye ŋkeke etɔ̃agbe la atsi tre.


Eye amea ɖewo de asi taɖeɖe me ɖe eŋu, eye wotsyɔ nu mo nɛ, eye wotu kɔe, eye wogblɔ nɛ bena Fia amesi ƒo wò; eye dɔlawo ƒo tome nɛ.


Eye woƒo tame nɛ kple ayeti, eye woɖe ta ɖe eŋuti, eye wodze klo nɛ hede ta agu nɛ.


Ke esi wògblɔ nusiawo la, dɔlawo dometɔ ɖeka, si le tsitre ɖe egbɔ la, ƒo tome na Yesu gblɔ bena: Ale nèɖo ŋu na nunɔlagã la enye si mahã?


eye wova egbɔ gblɔ bena: Mieɖo gbe na wò loo, Yudatɔwo ƒe fia! Eye woƒo tome nɛ.


ne wodo busu mi la, míeɖea kuku; míezu abe xexe sia me ƒe aɖukpodzinuwo ene, amewo katã ƒe gbeɖuɖɔ vaseɖe egbegbe sia.


ekema nɔvia srɔ̃ nate ɖe eŋu le ame tsitsiawo ŋku me, eye wòaɖe afɔkpa le afɔ ne, aɖe ta ɖe mo nɛ ahagblɔ bena: Ale woawɔ ŋutsu, si be, yemalé ye nɔvi ƒe aƒe ɖe te o la, enye si.


eye míakpɔ Yesu, si nye xɔse ƒe gɔmeɖola kple nuwula la ɖa: Amesi do dzi kpe atitsoga ƒe fu, eye mebu ŋukpe o le dzidzɔ, si woɖo ɖi nɛ la ta, eye wòbɔbɔ nɔ anyi le Mawu ƒe fiazikpui ƒe nuɖusi me.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa