Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Mateo 26:61 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

61 Amesia gblɔ bena: Mate ŋu agba mawuxɔ la, eye magatui le ŋkeke etɔ̃agbe.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

61 Le nuwuwu la, ame eve va gblɔ be, “Ame sia gblɔ be, ‘mate ŋu agbã Mawu ƒe gbedoxɔ sia agatui le ŋkeke etɔ̃ megbe.’ ”

Onani mutuwo Koperani




Mateo 26:61
22 Mawu Ofanana  

Eye wodo ɣli ɖe eta gblɔ bena: Te ɖa afia! Wò amedzro ɖeka hã sia, si va dze mía gbã la, nanɔ ɖokuiwò wum amegãe alea? Azɔ la miawo vo ɖe wòa ŋuwò wu woawo gɔ̃. Eye wonyẽ zi ɖe Lot dzi gbidigbidi, be yewoagbã ʋɔa.


eye migblɔ bena: Ale fia la gblɔ esi: Mitsɔ amesia de gaxɔ me, eye mina abolo viaɖe koe wòaɖu kple tsi viaɖe koe, vaseɖe esime magbɔ le ŋutifafa me.


Eye esi Yehu do va eƒe aƒetɔ ƒe dɔlawo gbɔ la, wobiae bena: Eme nyoa? Nya ka ta aɖaʋatɔ sia va gbɔwò ɖo? Eɖo ŋu na wo bena: Mienya ŋutsu la kple eƒe nuwɔwɔ tso!


Ale Yehowa, Israel ƒe xɔnametɔ kple eƒe kɔkɔetɔ la gblɔ na amesi wodo vloe, amesi dukɔ la nyɔ ŋui, amesi nye dziɖulawo ƒe kluvi la, enye si; Fiawo akpɔe ahatso ɖe tsitrenu, eye amegãwo aɖe ta agu le Yehowa, amesi metrɔa ta me o la ta, le Israel ƒe kɔkɔetɔ, amesi tia wò la ta.


Amegbetɔwo do vloe, eye wogbee, ŋutsu kpehiã kple amesi dzi dɔléle le la wònye, wodo vloe abe amesi ta wotsyɔ nu ŋku me ɖo la ene, eye míebui ɖe naneke me o.


Ke esi farisitɔwo see la, wogblɔ bena: Nenem me sia manyã gbɔgbɔ vɔ̃wo ado goe, ne menye to Beelzebul, si nye gbɔgbɔ vɔ̃wo ƒe fia la dzi o.


Eye nunɔlagã la tsi tre gblɔ nɛ bena: Mele nyaa ɖeke ŋu ɖo ge na amesiwo le ɖase ɖim le ŋutiwò o mahã?


Ke esi wòto agboa nu do go la, nyɔnudɔla bubu hã kpɔe, eye wògblɔ na amesiwo le afima bena: Amesia nɔ anyi kple Yesu, Nazaretetɔ la kpɔ.


eye wole gbɔgblɔm bena: Wò, amesi le mawuxɔ la gbãm gale etum le ŋkeke etɔ̃agbe la, ɖe ɖokuiwò; nenye Mawuvi nènye la, ekema ɖi le atitsoga la ŋuti!


Eye wòtso klosalo la ƒu gbe ɖe mawuxɔ la me hedzo, eye wòyi ɖade ka ve na eɖokui.


Míese wògblɔ bena: Magbã mawuxɔ sia, si wotsɔ asi wɔe la, eye ŋkeke etɔ̃agbe la magatu bubu, si wometsɔ asi wɔe o.


Eye amesiwo le eŋuti tom le yiyim la, do ɖiŋu nɛ hele ta ʋuʋum, eye wole gbɔgblɔm bena: Hoo na wò, wò amesi le mawuxɔ la gbãm, eye nègale etum le ŋkeke etɔ̃agbe la;


Tete wode asi enutsotso me gblɔ bena: Míekpɔ amesia wòle miaƒe dukɔ la ƒe tame trɔm, eye wògbe na amewo bena, woagadzɔ nu na kaisaro o hele gbɔgblɔm bena, ye ŋutɔe nye Kristo, fia la.


Mienya bena, Mawu ƒo nu kple Mose; ke amesia la mienyã afisi wòtso o.


Eye Epikuro- kple Sloa-nunyaxɔlɔ̃a ɖewo hã sẽ nu kplii. Eye amea ɖewo gblɔ bena: Nuka gɔ̃ dim nuƒola sia le be, yeagblɔ Ke ɖewo bena: Ewo abe dutamawuwo fiãm wòle ene; elabena egblɔ Yesu kple tsitretsitsi ƒe nyanyuie la fia wo.


hegblɔ bena: Amesia le amewo ƒe tame trɔm, bena woasubɔ Mawu, alesi mele sea nu o.


Eye woɖo toe vaseɖe nya sia dzi; tete wokɔ woƒe gbe dzi gblɔ bena: Miɖe amesia tɔgbe ɖa tso anyigba la dzi, elabena mele nɛ be, wòanɔ agbe o.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa