Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Mateo 26:55 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

55 Le gaƒoƒo ma dzi Yesu gblɔ na amehawo bena: Alesi wotsona ɖe hlɔ̃dola ŋuti la, nenemae mieva lé ye ge kple yiwo kple kpowo; gbãwotsyogbe mebɔbɔ nɔ anyi ɖe mawuƒe la me le nu fiãm, eye mielém kpɔ o.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

55 Azɔ Yesu trɔ ɖe amehawo gbɔ ƒo nu na wo be, “Nu vɔ̃ wɔla kple hlɔ̃dola menye hafi mietsɔ yiwo kple kpowo ɖe asi va be yewoaléma? Menɔ mia dome, gblɔ nya le miaƒe gbedoxɔ me gbe sia gbe, ke miete ŋu wɔ naneke o.

Onani mutuwo Koperani




Mateo 26:55
15 Mawu Ofanana  

Ke esi wòva mawuƒe me, eye wòle nu fiãm amewo la, nunɔlagãwo kple dumegãwo va egbɔ gblɔ bena: Ŋusẽ ka nètsɔ wɔ esiawoe, eye amekae tsɔ nenem ŋusẽ sia na wò mahã?


Eye esi wòbe, yeaɖe nu le eme kasia la, kpɔ ɖa, Yuda, ame wuieveawo dometɔ ɖeka la, va; do, eye ameha gãa ɖe le eyome kple yiwo kple kpowo tso nunɔlagã kple ɖumegãwo gbɔ.


Eye esi wòdzo le afima la, eva Yudea-nutoawo me kple Yordan godo, eye amehawo gava ƒo ƒu ɖe egbɔ, eye abe alesi wònɔa wɔwɔm ene la, egafia nuwo.


Eye esi Yesu le nu fiãm le mawuƒe la me la, exɔ dzi gblɔ bena: Aleke wɔ, eye agbalẽfialawo le gbɔgblɔm bena, Kristo la nye Dawid vi mahã?


Eye wòle nu fiãm le mawuƒe la me gbesiagbe. Ke nunɔlagãwo kple agbalẽfialawo kple dumegãwo di be, yewoawui;


Eye le ŋkekeawo dometɔ ɖeka dzi, esi wòle nu fiam, eye wòle nyanyuie la gblɔm na dukɔ la le mawuƒe me la, eva ve me bena, nunɔlagãwo kple agbalẽfialawo kpakple amegãwo va tsi tre,


Eye esi wòtu agbalẽa la, etsɔe na dɔla la, eye wòbɔbɔ nɔ anyi, eye amesiwo katã le ƒuƒoƒea la, fɔ ŋku ɖe edzi dzoɣlii.


Ke esi ŋkekenyuie la ƒe afã nu yi la, Yesu yi ɖe mawuƒe la me, eye wòfiã nu.


Azɔ Yesu do ɣli le mawuƒe la me hele nu fiãm, eye wòle gbɔgblɔm bena: Ẽ, mienyam, eye mienya afisi metso, eye nyemeva le nye ŋuta ɖokuinye si o, ke nyateƒetɔa ɖe li, amesi dɔm ɖa, amesi miawo mienyã o.


Eye le ŋdikanya la egava mawuƒe la me, eye ameha la katã va egbɔ, eye esi wòbɔbɔ nɔ anyi la, efiã nu wo.


Egblɔ nya siawo le nunyuiedzraɖoƒe la, esi wòle nu fiãm le mawuƒe la me; eye amea ɖeke melée o, elabena eƒe gaƒoƒo mede haɖe o.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa