Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Mateo 26:46 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

46 Mitsi tre, mina midze! Kpɔ ɖa, amesi le yonyeme mɔ fiãm la gogo.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

46 Mitso mídzo! Mikpɔ ɖa, ame si le denye ge asi lae nye ema gbɔna.”

Onani mutuwo Koperani




Mateo 26:46
11 Mawu Ofanana  

Tete wòva nusrɔ̃lawo gbɔ, eye wògblɔ na wo bena: Miyi alɔ̃dɔdɔ dzi azɔ, eye migbɔ ɖe eme; mikpɔ ɖa, gaƒoƒo la ɖo vɔ, eye woade Amegbetɔvi la asi na nuvɔ̃wɔlawo.


Eye esi wòbe, yeaɖe nu le eme kasia la, kpɔ ɖa, Yuda, ame wuieveawo dometɔ ɖeka la, va; do, eye ameha gãa ɖe le eyome kple yiwo kple kpowo tso nunɔlagã kple ɖumegãwo gbɔ.


Mitsi tre, mina midzo! Kpɔ ɖa, amesi le yonyeme mɔ fiãm la, egogo!


Ke ele nam be, woade mawutsi ta nam kple mawutsia ɖe, eye ale wotee ɖe ŋunye, vaseɖe esime woawu enu!


Eye wògblɔ na wo bena: Medi vevie ŋuta bena, maɖu ŋutitotolẽvi sia kpli mi, hafi ne makpe fu;


Ke kpɔ ɖa, yonyememɔfiala ƒe asi le kplɔ̃a dzi kplim.


Ke eva ve me, esime ŋkekeawo le enu wu ge be, woakɔe ayi dziƒo la, eya ŋutɔ tsɔ eƒe ŋku ɖo Yerusalem yiyi dzi;


gake bena xexeame nanyae bena, melɔ̃a Fofo la, eye alesi Fofo la de se nam la, nenema ke mewɔna. Mitsi tre, ne miadzo le afisia!


Esi Petro trɔ la, ekpɔ nusrɔ̃la, si Yesu lɔ̃na la, le eyome dzem, amesi hã via ɖe ekɔme le nuaɖuƒe, eye wògblɔ bena: Aƒetɔ, amekae nye amesi le yowòme mɔ fia geã?


Ke Paulo ɖo ŋu gblɔ bena: Nukae nye esi wɔm miele hele avi fam, eye miele nye dzi gbãm mahã? Elabena nye la medzra ɖokuinye ɖo, menye be woabiam ɖeɖeko o; ke boŋ hã be maku le Yerusalem le Aƒetɔ Yesu ƒe ŋkɔ la ta.


Eye esi Filistitɔ la ɖe zɔ ɖe Dawid dzi, be yealé ɖe eŋu la, Dawid wɔ kaba ƒu du yi aʋadzedze la nu, be yeakpe Filistitɔ la.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa