Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Mateo 26:35 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

35 Petro gblɔ nɛ bena: Ne anɔ nam bena, maku kpli wò hã la, nyemele nu gbe ge le gbɔwò akpɔ o. Nenema ke nusiawo katã wogblɔ.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

35 Petro gaɖo eŋu kple kakaɖedzi be, “Ke ɖeko maku hafi agbe nu le gbɔwò.” Azɔ nusrɔ̃la mamlɛawo hã ɖe adzɔgbe nenema.

Onani mutuwo Koperani




Mateo 26:35
10 Mawu Ofanana  

Tete dukɔ blibo la ɖo ŋu yoo bena: Nya, siwo katã Yehowa gblɔ la, míawɔe. Eye Mose tsɔ dukɔ la ƒe nyawo va Mawu gbɔe.


Woayra ŋutsu, si le vɔvɔ̃ dzi daa, ke amesi sẽ eƒe dzi me goŋgoŋ la, adze dzɔgbevɔ̃e me.


Amegbetɔ ƒe dãda abɔbɔe ɖe anyi, ke amesi bɔbɔ eɖokui ɖe anyi la ƒe asi asu bubu dzi.


ke amesi ke lagbe nu le gbɔnye le amewo ƒe ŋku me la, nye hã magbe nu le eyama gbɔ le Fofonye, si le dziƒowo la, ƒe ŋku me.


Petro gblɔ ne bena: Aƒetɔ, nukaŋuti nyemate ŋu adze yowòme fifia o mahã? Matsɔ nye agbe aɖo anyi, ɖe tawò.


Enyo! Woŋe wo ɖa le dzimaxɔse ŋuti, ke wò la xɔse ŋuti nèle tsitre ɖo; megado ɖokuiwò ɖe dzi o, hafi nɔ vɔvɔ̃m boŋ!


Eyata amesi ke susuna be, yele tsitre la, nakpɔ nyuie, bena wòagadze anyi o.


Eyaŋuti, nye lɔlɔ̃tɔwo, abe alesi mieɖoa to ɖaasi ene la, mitsɔ vɔvɔ̃ kple dzodzo nyanyanya wo mia ŋutɔwo miaƒe xɔxɔdɔ la; menye abe esime menɔ mia gbɔ ene la ɖeɖeko o, ke boŋ azɔ, esi nyemele mia gbɔ o la, miwɔe geɖe wu!


Eye ne mieyɔ amesi mekpɔ ame ŋku me o, eye wòdrɔ̃a ʋɔnu ɖe amesiame ƒe dɔwɔwɔ nu la, ƒe ŋkɔ dzi abe Fofo ene la, ekema mizɔ le miaƒe amedzronyenye ƒe ɣeyiɣi la me le vɔvɔ̃ me;


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa