30 Eye le akpedahadzidzi vɔ megbe la wodo go yi ɖe Amito la ŋu.
30 Esi Yesu ƒo nu vɔ la, wo katã wodzi ha, da akpe na Mawu eye wodo go yi Amito la dzi.
Eye esi wogogo Yerusalem, eye wova Betfage le Amito la ŋuti la, tete Yesu dɔ nusrɔ̃la eve
Ke mele egblɔm na mí bena: Tso esia dzi la nyemegale weinkutsetse sia me tsi no ge, vaseɖe ŋkeke ma dzi, esi mía kpli mi miano yeye le Fofonye ƒe fiaɖuƒe la me o.
Ke le ŋkeke me la ebaa nu le mawuƒe la me, eye le zã me la edoa go yina ɖadɔa to, si woyɔna be Amito la dzi.
Ke Aƒetɔ la gblɔ bena: Simon, Simon, kpɔ ɖa, Satana le mia dim, bena yeagbɔ mi, abe alesi wogbɔa lu ene;
Eye abe alesi wònɔa wɔwɔm ene la, edo go yi ɖe Amito la ŋu, eye nusrɔ̃lawo hã kplɔe ɖo.
gake bena xexeame nanyae bena, melɔ̃a Fofo la, eye alesi Fofo la de se nam la, nenema ke mewɔna. Mitsi tre, ne miadzo le afisia!