Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Mateo 26:27 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

27 Eye wòtso kplu ɖe asi, eye esi wòda akpe le eta la, etsɔe na wo gblɔ bena: Mi katã mino le enu;

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

27 Emegbe la, etsɔ wainkplu la hã ɖe asi, do gbe ɖa ɖe eta, eye wòtsɔe na wo be woano. Egagblɔ na nusrɔ̃lawo be, “Mi katã mixɔe no,

Onani mutuwo Koperani




Mateo 26:27
12 Mawu Ofanana  

Maka xɔname ƒe kplu la dzi ayɔ Yehowa ƒe ŋkɔ.


Nɔvinyenyɔnu, nye ŋugbetɔ, meva nye abɔ me, meke nye mire kple atike ʋeʋẽewo, menyi nye anyixe kple anyitsi, meno nye wein kple nye notsi. Xɔ̃nyewo, miɖu nu, miano nu, nye lɔlɔ̃tɔwo, mino aha mu!


Mebe, made deti la dzi, eye malé eƒe alɔwo. Wò nowo nenye weinkpo le weinka ŋu, eye wò ŋɔli ƒe ʋeʋẽ neɖi atɔtɔŋuti tɔ!


Eye Yehowa Zebaot atsɔ nuɖuɖu damiwo kple wein, siwo ɖo ƒã la, atu aglo na dukɔwo katã ɖe to sia dzi; nuɖuɖuawo da ami, eye ƒuto me mi le wo me, weinawo ɖo ƒã, eye wo me dza.


Kuwui! Mi ame tsikɔwuwo katã, miva tsi gbɔ! Mi amesiwo si ga mele o, miva ƒle nu, ne miaɖu! Miva, ne miadze wein kple notsi, menye kple ga alo le asixɔxɔ nu o!


eye wotsɔ abolo adre lã kple lãwo, eye esi wòda akpe ɖe wo dzi la, eŋe wo me hetsɔ na nusrɔ̃lawo, eye nusrɔ̃lawo tsɔ wo na ameha la.


Eye esi wole nua ɖum la, Yesu tsɔ abolo ɖe asi, eye esi wògblɔ akpedanya la, eŋe eme hetsɔ na nusrɔ̃lawo gblɔ bena: Mixɔe ɖu! Esia nye nye ŋutilã!


elabena esiae nye nye ʋu, si nye nubabla yeye la ta, si wokɔ ɖe anyi le ame geɖewo ŋuti hena nuvɔ̃keke la.


Eye nenema ke wòtsɔ kplu la le fiẽnuɖuɖu la megbe hegblɔ bena: Kplu sia enye nubabla yeye le nye ʋu me, si woka ɖe anyi le mia ta.


Yayrakplu, si míeyrana la, menye Kristo ƒe ʋu la ƒe hadedee o ɖe? Eye abolo, si míekana la, menye Kristo ƒe ŋutilã ƒe hadedee o ɖe?


Ke ame naɖo eɖokui akpɔ, eye ale wòaɖu abolo sia ƒe ɖe, eye wòano nu le kplu sia nu.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa