Vinyewo, ɣeyiɣi via ɖe ko maganɔ anyi kpli mi. Miadim, eye abe alesi megblɔ na Yudatɔwo ene bena: Afisi nye la meyina la, miawo la miate ŋu ava o la, nenema kee mele egblɔm na miawo hã azɔ.
Eye nyemegale xexeame o, ke woawo le xexeame, eye nye la megbɔna gbɔwò. Fofo kɔkɔe, dzra wo ɖo ɖe wò ŋkɔ, si nètsɔ nam la me, bena woazu ɖeka abe miawo ene!
Amesi wòle na dziƒo be, wòaxɔ tsã vaseɖe nuwo katã ƒe ɖɔɖɔɖoɣi la dzi, esiwo ŋuti Mawu ƒo nu le, to eƒe nyagblɔɖila kɔkɔewo katã ƒe nu me tso xexeme ƒe gɔmedzedzea me la.