Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Mateo 25:6 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

6 Ke le zãtitina lã ɣli ɖi bena: Kpɔ ɖa, ŋugbetɔsrɔ̃ la gbɔna! Miɖo go yi ɖakpee!

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

6 “Ke le zãtitina la, ɣli ɖi be, ‘Ŋugbetɔsrɔ̃ la va ɖo azɔ. Mido go va kpee hee!’

Onani mutuwo Koperani




Mateo 25:6
24 Mawu Ofanana  

le Yehowa ŋku me: elabena egbɔna, egbɔna ʋɔnu drɔ̃ ge anyigba; adrɔ̃ ʋɔnu xexeame ɖe dzɔdzɔenyenye nu kple dukɔwo ɖe eƒe nyateƒe nu.


le Yehowa ŋku me, elabena egbɔna ʋɔnu drɔ̃ ge anyigba! Aɖrɔ̃ ʋɔnu xexeame ɖe dzɔdzɔenyenye nu kple dukɔwo ɖe eteƒe.


Ɣemaɣi woagblɔ bena: Kpɔ ɖa, mía Mawu, amesi ŋu míedo ŋu ɖo be, aɖe mi la, enye si; Yehowa, amesi ŋu míeɖo ŋu ɖo la, enye si! Mina miatso aseye, eye míakpɔ dzidzɔ le eƒe xɔname ŋu!


Eyata Israel, ale mele wɔ wò ge enye si: Esi mele esia wɔ ge wò la, eyata Israel, dzra ɖo naɖakpe kple wò Mawu!


Eye wòado eƒe dolawo kple kpẽ ƒe ɖiɖi gãa ɖe, eye woaƒo eƒe ame tiatiawo nu ƒu tso ya eneawo dzi, tso dziƒogo ɖeka dzi vaseɖe go keme dzi.


Eyaŋuti miawo hã misu te; elabena Amegbetɔvi la ava le gaƒoƒo, si ŋuti miebu o la me.


Ekema dziƒofiaɖuƒe la aɖi ɖetugbi ewo, siwo do go kple woƒe akaɖiwo, bena yewoayi aɖakpe ŋugbetɔsrɔ̃.


Ke ne Amegbetɔvi la ava le eƒe ŋutikɔkɔe me, eye dɔlawo katã akpe ɖe eŋuti la, ekema abebe no eƒe ŋutikɔkɔezikpui la dzi;


Eye esi ŋugbetɔsrɔ̃ la tsi anyi la, wo katã wodɔ akɔlɔ̃e, eye wodɔ alɔ.


Tete ɖetugbi kemawo katã fɔ, eye wodzra woƒe akaɖiwo ɖo.


Ke Mawu gblɔ ne bena: Ame tsibome, zã sia me ke woabia wò agbe le asiwò me; ke nusiwo nèdzra ɖo la, ameka tɔ woazu mahã?


dɔla ma ƒe aƒetɔ ava le ŋkeke, si mele mɔ kpɔm ne o kple gaƒoƒo, si menya o la dzi, eye wòafee ɖe eve, eye wòana eƒe gomee akpe ɖe ame mawɔnuteƒewo ŋu.


Elabena Aƒetɔ la ŋutɔ atsɔ aʋafia gã ƒe gbeɖeɖe kple mawudɔla gatɔ ƒe gbe kple Mawu ƒe kpẽɖiɖi aɖi tso dziƒo, eye amesiwo ku le Kristo me la, woatsi tre gbã;


Ke Aƒetɔ la ƒe ŋkeke le vava ge abe fiafitɔ ene, le esime dziƒowo ava yi kple gbeɖeɖe; ke gɔmedzenuwo labi, eye woalólo le dzo me, eye anyigba kple eme dɔwɔwɔwo lafiã keŋ.


Kpɔ ɖa, megbɔna abe fiafitɔ ene; woayra amesi nɔa ŋudzɔ, eye wòdzra eƒe awuwo ɖo, bene wòagazɔ amama, eye woakpɔ eƒe ŋukpe ƒe o.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa