Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Mateo 25:44 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

44 Tete woawo hã woaxɔ edzi nɛ agblɔ bena: Aƒetɔ, gbekagbe míekpɔ wò bena, da le wuwòm, alo tsikɔ le wuwòm, alo nènye amedzro, alo nèle amama, alo wò lãme gblẽ, alo nèle gaxɔ me, eye míesubɔ wò o mahã?

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

44 “Woawo hã aɖo eŋu nam be, ‘Aƒetɔ, gbe ka gbe míekpɔ wò be, dɔ le wuwòm, alo tsikɔ le wuwòm, eye míena nuɖuɖu alo tsi wò. Ɣe ka ɣi nèdze mía gbɔ, nèle amama, nèdze dɔ alo nèle gaxɔ me, eye míeva kpɔ wò ɖa alo kpe ɖe ŋuwò o mahã’?

Onani mutuwo Koperani




Mateo 25:44
14 Mawu Ofanana  

Aleke nagblɔ be, yemegblẽ ye ɖokui ŋu o, yemedze Baal yome o? Lé ŋku ɖe wò azɔlime ŋu le bali la me, eye nadze si nusi nèwɔ la, kposɔnɔ ɖidu, si le tsa glãla tsam le eƒe mɔ dzi la, nènye.


Ke wò la egblɔ be, yemeɖi tɔ o, eƒe dɔmedzoe fa ɖe ye ŋu vava! Kpɔ ɖa, mía kpli wò miaɖi ʋɔnu, le esi negblɔ be, yemewɔ nuvɔ̃ o la ta.


Vi ɖea bubu fofoa ŋu, eye kluvi dea bubu eƒe aƒetɔ ŋu mi nunɔla, siwo ɖoa vlo nye ŋkɔ la, ale Yehowa Zebaot gblɔ na mi enye si: Nenye Fofo menye la, afika nye bubu le, eye nenye Aƒetɔ menye la, afika vɔvɔ̃, si le ŋunye la le? Eye ne miegblɔ be: Nuka mietsɔ do vlo wò ŋkɔe ha la?


Mietsɔ miaƒe nyawo do dziku na Yehowa. Eye ne miegblɔ be: Nukae míetsɔ do dziku nɛ hã la ɖe miele gbɔgblɔm be: Ame vɔ̃ɖiwo katã nyo le Yehowa ŋku me, eye woƒe nu dze eŋu, alo afika Mawu, ʋɔnudrɔ̃la la le mahã oa?


Yehowa be: Miegblɔa nya sesẽ ɖe ŋunye! Eye ne miebe; Nya ka miegblɔna ɖe ŋuwò hã la,


Amesi ke xɔa nyagblɔɖila le nyagblɔɖila ƒe ŋkɔ dzi la, eya laxɔ nyagblɔɖila ƒe fetu; eye amesi ke xɔa ame dzɔdzɔe le ame dzɔdzɔe ƒe ŋkɔ dzi la, eya laxɔ ame dzɔdzɔe ƒe fetu.


amedzro menye, eye miexɔm medze mia gbɔ o; menɔ amama, eye mieɖo awu nam o; nye lãme gblẽ, menɔ gaxɔ me, eye mieva kpɔm ɖa o.


Tete wòaɖo ŋu na wo agblɔ bena: Vavã mele egblɔm na mí bena: Nusianu, si miewɔ na nenem me sue siawo dometɔ ɖeka o la, miewɔe na nye hã o.


Woayra amesiwo dzɔdzɔenyenye ƒe dɔ kple tsikɔ le wo wum ta; elabena woawoe aɖi ƒo.


Ame geɖewo lagblɔ nam le ŋkeke ma dzi bena: Aƒetɔ! Aƒetɔ! Alo menye wò ŋkɔ dzi míegblɔ nya ɖe anyi le o ɖe, eye wò ŋkɔ dzi mienyã gbɔgbɔ vɔ̃wo do goe de o ɖe, eye wò ŋkɔ dzi miewɔ ŋusẽdɔ geɖewo le o ɖe?


Ke eya la, esi wòle didim be, yeatso afia na eɖokui la, egblɔ na Yesu bena; Amekae nye hanyevi mahã?


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa