3 Elabena abunetɔwo la wotsɔ woƒe akaɖiwo, ke wometsɔ ami kpe ɖe wo ŋuti o;
3 Abunɛtɔwo tsɔ woƒe akaɖiwo, ke wometsɔ ami kpe ɖe akaɖiawo ŋu o.
Edzea sii be, yeƒe asitsatsa nyo; eƒe akaɖi metsina le zã mee.
Wole diyem gbeawotsyogbe, eye wole didim be, yewoanya nye mɔwo; wole ʋɔnudɔdrɔ̃ dzɔdzɔe dim tso gbɔnye abe dukɔ, si wɔa nu dzɔdzɔe, eye megblẽa eƒe Mawu ƒe ɖoɖowo ɖi o la ene; wole didim be, Mawu natsɔ ɖe yewo gbɔ!
ekpɔ yi gbɔna ɖe anyigba la ŋu, eye woku kpẽ xlã nu dukɔ la,
Ekema dziƒofiaɖuƒe la aɖi ɖetugbi ewo, siwo do go kple woƒe akaɖiwo, bena yewoayi aɖakpe ŋugbetɔsrɔ̃.
Eye wo dome ame atɔ̃ nye abunetɔwo, eye ame atɔ̃ hã nye aɖaŋudzelawo.
ke aɖaŋudzelawo ya tsɔ ami de woƒe guiwo me kpe ɖe woƒe akaɖiawo ŋuti.
amesiwo si mawusosroɖa ƒe nɔnɔme le, gake wogbe eƒe ŋusẽ la. Te ɖokuiwò ɖa tso amesiawo gbɔ!
Mikpɔ nyuie, bena amea ɖeke nagade megbe tso Mawu ƒe amenuveve la gbɔ o, bena veve ƒe ke nagamie aɖe fu na mi, eye wòaƒo ɖi ame geɖe o,
Eye ŋlo ɖo ɖe hame, si le Sardes la, ƒe dɔla bena: Amesi si Mawu ƒe gbɔgbɔ adreawo kple ɣletivi adreawo le la, eyae gblɔ esiawo bena: Menya wò dɔwɔwɔwo bena, ŋkɔ le asiwò be, èle agbe, eye nèku.