Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Mateo 24:8 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

8 Ke nenem nusiawo katã wonye fuɖuame ƒe gɔmedzedze.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

8 Ke esiawo katã anye nu siwo do ŋgɔ na fukpekpe gã siwo le vava ge la ko.

Onani mutuwo Koperani




Mateo 24:8
12 Mawu Ofanana  

Ke boŋ ame labɔbɔ ɖe gatɔwo dome, eye wòadze anyi ɖe ame tsiaʋawo dome. Ke to esiawo katã gbɔ hã la eƒe dɔmedzoe nu mefa o, eye eƒe alɔ gale dzi ko!


Eye dukɔ la metrɔ ɖe amesi ƒoe la ŋu o, eye womedi Yehowa Zebaot yome mí o.


Elabena vɔ̃ɖiwɔwɔ le bibim abe dzo ene, efiã aŋɔkawo kple ŋuwò, eye wòtɔ dzo ave dodowo, ale be dzudzɔ de dzi kɔtɔɔ.


Alé ku abe nyɔnu, si le vi dzim ene; vi manyanu wònye, elabena ne azã de la, metoa vidzimɔ nu o.


Elabena dukɔ latsi tre ɖe dukɔ ŋuti, eye fiaɖuƒe ɖe fiaɖuƒe ŋuti, eye anyigbaʋuʋuwo lava teƒeteƒewo, eye dɔwuame lava; nusiawo nye fuɖuame ƒe gɔmedzedze.


Ke le nusiawo katã ŋgɔ la woaɖo woƒe asiwo mia dzi, eye woati mia yome, akplɔ mi ayi ɖe ƒuƒoƒewo kple gaxɔwo me, be woade mi asi na fiawo kple mɔ̃mefiawo le nye ŋkɔ la ŋuti.


ekema Yehowa akplɔ fuwɔame tiatia, siwo nu sẽ, eye woanɔ anyi didie kple dɔléle vɔ̃ɖi, siwo anɔ anyi didie la, aƒu wò ŋutɔ kple wò dzidzimeviwo,


Elabena ne wole gbɔgblɔm be, ŋutifafa kple anyinɔnɔ dedie li la, tete gbegblẽ ava lili wo, abe alesi fuɖuame va lilia funɔ ene, eye womate ŋu asi le enu kulẽ o.


Azɔ la miheyi, mi kesinɔtɔwo; mifa avi, eye mido wuwui le miaƒe nublanuitɔnyenye, si le mia dzi va ge la ŋuti!


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa